bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 10
Job 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 11 →
1
“Nye agbe le ŋu nyɔm nam. Eya ta make nu ana nye konyifafa nado faa. Maƒo nu esime mele veve sem helihelĩ.
2
Magblɔ na Mawu be: ‘Mègabu fɔm o. Gblɔ nu si ta nèle avu wɔm kplim la nam.’
3
Ðe wòsɔ na wò be nàsẽ ŋuta le ame ŋu, eye nàgbe nu si nèwɔ kple wò ŋutɔ wò asi laa? Edzɔ dzi na wò be nàkpe ɖe ame vlo ŋu wòaɖo nugbea?
4
Amegbetɔ ƒe ŋkue le asiwòa? Ðe nèkpɔa nu abe ame ko enea?
5
Ðe wò hã nèle abe gbetɔ si kuna ene, eye wò ƒewo sɔ kple ame tɔ,
6
hafi nèle vodada dim le ŋunye, eye nèle gɔnyeme kum be yeakpɔ nuvɔ̃ alea?
7
Evɔ la, ènyae be nyemeɖi fɔ hafi o, ke ame aɖeke mate ŋu axɔm, aɖem le asiwò me o.
8
Wò ŋutɔe tsɔ wò asi mem, eye nèwɔm abe ale si nèdi la ene pɛpɛpɛ. Ke azɔ la, nètrɔ be yeatsrɔ̃m.
9
Ðo ŋui be tsue nètsɔ wɔm; ɖe nèbe yeagbãm nyányanya magatrɔ zu ʋuʋudedia?
10
Ðe mèkɔm ɖi abe notsi ene, eye nèna metò abe notsi babla ene oa?
11
Ètsɔ ƒu kple ka lɔ̃ nye ameti lae, eye nèfa lãkusi kple ŋutigbalẽ ɖe eŋu.
12
Èna agbem, eye nèlɔ̃m nyateƒetɔe. Beléle si nètsɔ nam na mele agbe dedie
13
togbɔ be èɣla nu siawo ɖe dzime hã menya be esiae nye wò tameɖoɖo.
14
Wò ŋku le ŋunye be ne mewɔ nuvɔ̃ la, yematsɔe akem o.
15
Ne mesẽ tame la, baba nam. Ne mewɔ nu dzɔdzɔe la, nyemate ŋu fɔ ta dzi o; elabe mezu ŋukpego eye mekpɔ nye fuwɔame teƒe.
16
Ke ne mefɔ ta dzi la, èyɔam ɖe nu abe dzata ene, eye nègawɔa nukunuwo ɖe ŋunye.
17
Eɖɔlia wò ɖasefowo ɖe ŋunye ɣe sia ɣi; wò dziku le dzi dem ɖe ŋunye, eye nèɖem ɖe nu kple aʋakɔ yeyewo.”
18
“Nu ka ta nèna medo tso nɔnye ƒe dɔme ɖo? Ne ɖe metsi ʋu me la, anye ne ŋku aɖeke mekpɔm o.
19
Anye ne nyemanɔ anyi kpɔ gbeɖe o; ɖeko woatsɔm tso nɔnye ƒe dɔme aɖade yɔdo me enumake.
20
Menye agbenɔŋkeke ʋɛ aɖewo koe le asinye oa? Ðe asi le ŋunye! Te ɖa le gbɔnye, ne makpɔ akɔfafa vie,
21
hafi madzo yi demagbɔnugbe, afi si ku ƒe vɔvɔli do viviti ɖo la.
22
Afi ma do viviti tsiɖitsiɖi, nuwo tɔtɔ nyamaa le ku ƒe vɔvɔli te, eye kekeli le abe blukɔ ene.”
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42