bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 40
Job 40
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 39
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 41 →
1
Azɔ Aƒetɔ gabia Hiob be:
2
“Ðe vɔ̃eɖenamela ahe nya kple Ŋusẽkatãtɔ laa? Ame si be yeaʋli nya kple Mawu la, neɖo eŋu mase.”
3
Tete Hiob ɖo eŋu na Aƒetɔ be:
4
“Kpɔ ɖa, nyemele ɖeke me o. Ŋuɖoɖo ka le asinye na wò? Ðeko maɖo asi nu.
5
Meƒo nu zi ɖeka va yi; ke zi evelia ya nyemele nya aɖeke ŋu ɖo ge o.”
6
Tete Aƒetɔ ɖo eŋu na Hiob le yali me be:
7
“Sa avɔ ɖe ali abe ŋutsu ene, ne mabia nya wò nàɖo eŋu nam mase.
8
Ðe nèbe yeatrɔ nye nyametsotso, abu fɔm, ne nàtso afia na ɖokuiwòa?
9
Ŋusẽ le asiwò abe Mawu enea? Àte ŋu aɖe gbe abe eya enea?
10
Ekema tsɔ gãnyenye kple bubu, na ɖokuiwò, eye nàta ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ɖoɖo.
11
Trɔ wò dziku kɔ ɖe anyi duu. Ẽ, fɔ ŋku ɖe dàdalawo katã dzi, ne nàbɔbɔ wo ɖe anyi.
12
Lé ŋku ɖe dàdalawo dzi; te wo ɖe anyi. Tu afɔ ame vɔ̃ɖiwo dzi le woƒe teƒe.
13
Ði wo katã ɖe ke me; bla mo na wo ɖe blukɔ me.
14
Ekema nye hã maʋu eme na wò be wò ŋutɔ wò ŋusẽe ate ŋu axɔ wò ɖe agbea?”
15
“Kpɔ Behemot si mewɔ abe ale si mewɔ wò hãe la ene ɖa. Eɖua gbe abe nyitsu ene.
16
Kpɔ ɖa, eƒe ŋusẽ le eƒe ali me kple eƒe ƒodo ŋu lãwo me.
17
Elĩa eƒe asikɛ ɖe dzi ka abe sederti ene, eye eƒe atagbomekawo lɔ̃ ɖe wo nɔewo me kunyakunya.
18
Eƒe ƒuwo le abe akɔbli siwo me to le la ene; ẽ, abe gakpo ene.”
19
“Eyae nye gbãtɔ le Mawu ƒe nuwɔwɔ gãtɔwo dome, eye ewɔla tsɔ aʋawɔyi de asi nɛ.
20
Ekpɔa eƒe nuɖuɖu bɔbɔe le towo dzi, afi si gbemelãwo katã ɖia adzrɔ le.
21
Egbɔna ɖe eme le tɔŋgɔtrefewo te, eye wòbèna ɖe aƒlawo me le simewo.
22
Aguŋgbawo doa vɔvɔli nɛ, eye amutiwo ƒoa xlãe godoo le tá la me.
23
Kpɔ ɖa, ne tɔsisi le tsatsam kple adã hã la, dzika metsoa eƒo o. Ne Yordan tsa va le nuti lɔm nɛ hã, enɔa anyi bɔkɔɔ.
24
Ðe ame aɖe ate ŋu alée kple ƒè alo aƒo ka ɖe ŋɔti me nɛa?”
← Chapter 39
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 41 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42