bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 18
Job 18
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 19 →
1
Tete Bildad, Suaxtɔ la ɖo eŋu be:
2
“Ɣe ka ɣi nàdzudzɔ nyamɔ̀ɖoɖo? Mibu tame nyuie gbã hafi míaƒo nu.
3
Nu ka ta wobu mí lãwoe? Nu ka ta míenye movitɔwo le wo gbɔ?
4
Tsiã, wò ame si le abi dem ɖokuiwò ŋu, be yedo dɔmedzoe ta, ɖe nèbe le ye ta, amegbetɔwo neʋu le anyigba dzia? Alo ɖe nèbe le ye ta, agakpe neʋã ɖa le enɔƒea?”
5
“Nyateƒe, ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi tsina, eye eƒe dzo ƒe aɖe gɔ̃ hã gbea keklẽ.
6
Kekeli zua viviti le eƒeme, eye eƒe akaɖi si le etame la tsina.
7
Eƒe afɔɖeɖe ziaziazia tona ɖe eme, eye eya ŋutɔ ƒe nugbeɖoɖo tsɔnɛ ƒua anyi.
8
Eya ŋutɔ ƒe afɔ kplɔnɛ dea ɖɔ me; egena dzea domɔ̀ me.
9
Kamɔ̀e léa eƒe afɔkɔe, eye mɔ̀ka ɖenɛ.
10
Woɖoa ƒoɖetoe nɛ, eye wotrea mɔ̀ nɛ ɖe eƒe toƒe.
11
Ŋɔdzi lénɛ le afi sia afi, eye woyɔnɛ ɖe nu kplíkplikpli.
12
Dɔwuame na eƒe ŋusẽ vɔ keŋkeŋ. Dzɔgbevɔ̃e le klalo ɖe eƒe nukikli ŋu.
13
Dɔléame ɖua eƒe ŋutilã, eye ku ƒe ŋgɔgbevi ɖua asi kple afɔwo nɛ.
14
Wohenɛ sesẽtɔe tso eƒe aƒe si ŋu wòɖo ŋu ɖo la me vaa fia ŋɔdzidonamela la gbɔ.
15
Naneke meganɔa eƒe aƒeme o, eye wokɔa aŋɔ ɖe enɔƒe.
16
Eƒe ke kuna ɖe to me, eye eƒe alɔwo yrɔna le edzi.
17
Womegaɖoa ŋku edzi le anyigba dzi o, eye eŋkɔ buna keŋ le ablɔ dzi.
18
Wotua asii tso kekeli me dea viviti me; wonyànɛ dzonae le xexea me.
19
Vi alo tɔgbuiyɔvi manɔ esi le wo de o, eye ame matsi agbe anɔ enɔƒe o.
20
Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe nu aku, eye ŋɔ adzi ɣedzeƒetɔwo le eƒe ŋkeke la dzi.
21
Nyateƒe, esia tututue dzɔna ɖe ame mavɔ̃mawu dzi, eye aleae ame si medze si Mawu o la ƒe nɔƒe zuna.”
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42