bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 36
Job 36
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 35
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 37 →
1
Elihu yi eƒe nuƒoa dzi be:
2
“Gbɔ dzi ɖi nam vie ne mafia nu wò elabe nya gali magblɔ ɖe Mawu nu.
3
Mahe nye nunya tso didiƒe ke vɛ afia be nye Wɔla tɔ dzɔ.
4
Elabe nyateƒe, menye aʋatso kam mele o; nunyala vavãtɔ ŋutɔe nye esi le gbɔwò.”
5
“Kpɔ ɖa, Mawu lolo; ŋusẽ triakɔ le eƒe nunya ŋu, eye medoa vlo ame aɖeke o.
6
Menana be ame vɔ̃ɖiwo tsia agbe o, eye wòtsòna na ame siwo wote ɖe anyi.
7
Eléa be na ame dzɔdzɔewo. Edea bubu wo ŋu, eye wonana be wobɔbɔ nɔa fiawo gbɔ le fiazikpui dzi tegbee.
8
Ne wode kunyowu wo, eye fukpekpe bla wo ɖe ka me la,
9
Mawu ɖea woƒe nɔnɔme kple nuvɔ̃ si wowɔ la fiaa wo, ne woanyae be yewole dàdam.
10
Enana be woɖoa to eƒe nuxɔxlɔ̃ hã, eye wòɖea gbe be woadzudzɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ.
11
Ne woɖo toe, eye wosubɔe la, nu dzea edzi na wo, eye wokpɔa dzidzɔ le woƒe agbenɔɣi katã.
12
Gake ne womeɖo to o la, woatsi yi nu. Woaku ɖe numanyamanya me.
13
Ke ame mavɔ̃mawuwo la, dzikudodo dzɔa dzi na wo. Ne Mawu de ka wo la, womeƒoa koko nɛ o.
14
Wokuna le ɖekakpuime, eye woƒe agbe wua nu kple ŋukpe.
15
Mawu tsɔa fukpekpe ɖea fukpelawoe, eye wòtsɔa xaxa wɔa wo woɖoa toe.
16
Mawu aɖe wò tso xaxa me ava gbadzaƒe, afi si nàvo le, eye wòalɔ nuɖuɖu nyuiwo aɖo kplɔ̃ dzi na wò hafi.”
17
“Ke ŋutasẽla ƒe nyametsotso yɔ tame na wò ale gbegbe be fɔbubu kple tohehe va dziwò.
18
Ke kpɔ nyuie be dɔmedzoe nagakplɔ wò de fewuɖuɖu me o, eye nu gbogbo si wona wò la nagakplɔ wò trae o.
19
Ðe wò ɣlidodo ate ŋu aɖe wò tso xaxa me, alo wò ŋusẽ blibo la axɔ na wòa?
20
Zã si me woatsrɔ̃ dukɔwo ɖa keŋkeŋ la, meganɔ dzrowòm o.
21
Kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie! Mègatrɔ ɖe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu o, elabe esia tae fukpekpe le tewòm kpɔ.
22
Kpɔ ɖa, Mawu ƒe ŋusẽ ƒo ŋusẽwo katã ta. Ame kae nye nufiala abe eya ene?
23
Ame kae ɖo nu na Mawu be newɔ? Alo ame ka ate ŋu agblɔ na Mawu be: ‘Èwɔ nu gbegblẽ’?”
24
“Amewo dzia ha kafua nu siwo wòwɔ la. Wò hã ɖo ŋku edzi nàdo wo ɖe dzi.
25
Amegbetɔwo katã kpɔ nu siwo Mawu wɔ la, wokpɔnɛ tso adzɔge ʋĩi ke.
26
Kpɔ ɖa, Mawu lolo! Mele nyanya me na mí o. Eƒe ƒèwo mele didí me o.
27
Eyae hea tsi toŋtoŋwo yia dzii, eye wònana be afu zua tsi.
28
Enana be alilikpowo ɖuɖua tsi yoo ɖe amegbetɔwo dzi.
29
Ðe ame aɖe nya ale si wòkekea alilikpowo me kple ale si eƒe dziɖegbegbadɔ ɖea gbe gbrrr… laa?
30
Kpɔ ɖa, ekakaa eƒe dzikedzo ƒoa xlã eɖokui, eye wòtsɔa viviti tsyɔa atsiaƒu dzii.
31
Esiawo katã Mawu tsɔna drɔ̃a ʋɔnu dukɔwo eye wòtsɔna naa nuɖuɖu geɖe amegbetɔwo hãe.
32
Etsɔ dzikedzo tsyɔ asi, eye wòɖea gbe, wògblẽa nu si wòdzidze la tututu.
33
Eƒe gbeɖeɖe ɖea gbeƒã eƒe vava. Etsɔa dziku ʋãa ŋu vɔ̃wɔwɔ.”
← Chapter 35
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 37 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42