bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 41
Job 41
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 40
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 42 →
1
“Ðe nàte ŋu atsɔ ƒè aɖe lo, alo atsɔ ka bla eƒe aɖe ɖe eƒe glã ŋua?
2
Ðe nàte ŋu ade ka ŋɔti me nɛ, alo atsɔ ƒè aku alɔxatsa nɛa?
3
Ðe wòaƒo koko na wò ʋuu eye wòaƒo nu na wò kple gbe bɔbɔea?
4
Ðe wòabla nu kpli wò be nàtsɔ ye wɔ wò dɔla tegbeea?
5
Ðe nàfe kplii abe xevi ene alo ade kae na viwò nyɔnuviwoa?
6
Ðe asitsalawo ado asi ɖe eŋua? Alo ɖe adzɔnuƒlelawo aƒlee ama na asigbedelawoa?
7
Àte ŋu atsɔ ʋã geɖe aŋɔ eƒe ayi, alo ada akplɔ atɔ ta nɛa?
8
Katsa nàka asi eŋu kpɔ! Wò ŋutɔ ànya be eléle anye avu manyagblɔ; màgatee kpɔ gbeɖe o!
9
Ne èkpɔ mɔ be yeate ŋu alée la, èble ɖokuiwò! Alo ɖe mènya be ekpɔkpɔ ɖeɖe hã dea vɔvɔ̃ lã me na mawuwo kekeake gɔ̃ hã oa?
10
Gbetɔ adãwɔla aɖeke meli si ado dzi aʋuʋui o. Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?
11
Ame ka ŋu wòle, wòate ŋu akpe akɔ kplii eye nu vevi mawɔe o? Ame ka ŋu wòle le dziƒoa te?”
12
“Nyemagbe nuƒoƒo le eƒe ŋutinuwo, eƒe ŋusẽ triakɔ la kple ameti la ƒe tutume nyakpɔ la ŋu o.
13
Ame kae ate ŋu afo akpa si le eŋuti gbã la ɖa, ake ɖe gawu evelia ŋu?
14
Ame kae ate ŋu ake eƒe glã, akpɔ ŋɔdzi manyagblɔ si ƒo xlã eƒe aɖuwo ɖa?
15
Eƒe dzime katã nye akpoxɔnu siwo woɖo wo ɖe fli me la ɖeɖe sɔŋ. Wolé ɖe wo nɔewo ŋu kplíkplikpli abe ɖe wotre wo nu goŋgoŋ ene.
16
Womimi ɖe wo nɔewo ŋu ale gbegbe; ya gɔ̃ hã mate ŋu ato wo dome o.
17
Ðe sia ɖe de nu nɔvia me. Wolé, mía ale gbegbe; womate ŋu ama wo dome o.
18
Ne enyè la, eƒe ŋɔti me kea dzo, eye eƒe ŋkuwo klẽna hẽe abe agudzedze ene.
19
Dzo ƒe aɖewo dona tso eƒe nu me, eye dzoxiwo hlẽna ŋeŋeŋe.
20
Eƒe ŋɔti me tua dzudzɔ, abe ze si le fiefiem le nakedzo dzi la me ene.
21
Eƒe gbɔgbɔ naa aka léa dzo, eye dzobibi doa go tso eƒe nu me.
22
Ŋusẽ le eƒe kɔ me, eye ŋɔdzi nɔa ɣe ɖum, doa ŋgɔ nɛ.
23
Eƒe ŋuilã tsyɔ vĩi ɖe edzi kunyakunya, eye wòdo akpa trikpaa, hele kakoo. Meʋãna o.
24
Eƒe dzi do akpa abe kpe ene, eye wòsẽ abe té ene.
25
Ne efɔ ɖe afɔ dzi la, vɔvɔ̃ ɖoa mawuawo kekeake hã, eye ne egava dze anyi la, dzidzi ƒoa wo.
26
Ne wotsɔ lãnu ɖe eŋu la, meɖia naneke nɛ o. Eɖanye aŋutrɔ o, eɖanye dati o, eɖanye akplɔ didia o, ɖeke medoa ŋɔdzi nɛ o.
27
Ga yibɔ ɖeko wòle nɛ abe be ene, eye akɔbli le nɛ abe ati vóvo ene.
28
Aŋutrɔ menana wòsína o. Akafokpe nye atsa le egbɔ.
29
Ne woda kpo ɖe edzi la, ɖeko wòxɔnɛ abe gbe ƒuƒue ge ɖe edzi ene, eye ne akplɔ le ʋɔ lum la, ɖeko wòɖia kokoe nɛ.
30
Eƒe dɔ me gbɔ ɖana abe ze gbagbã kakɛ nu ene. Eƒe toƒe ɖena ɖe ba me abe ale si lugbɔmɔ̀ ɖena ɖi ene.
31
Enana be tɔ gɔme fiena wlɔwlɔwlɔ abe nuɖaze me ene, eye wòblua atsiaƒu me abe amiɖaze mee le fiefiem ene.
32
Ne eho dzó yina la, eyome ɖea mɔ heklẽna; edzéna abe atsiaƒu ƒe gogloƒe ɖe wòƒo wɔ̀ ene.
33
Nuwɔwɔ si mevɔ̃a naneke o lae wònye. Etɔgbe aɖeke mele xexea me o.
34
Eklẽa ŋku ɖe nu gãwo katã. Eyae nye fia ɖe lã dàdalawo katã dzi.”
← Chapter 40
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 42 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42