bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 8
Job 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 9 →
1
Tete Suaxtɔ Bildad ɖo eŋu be:
2
“Ɣe ka ɣi nàgblɔ nya siawo ase ɖo, eye wò numenyawo anɔ abe ya sesẽ ene?
3
Ðe Mawu trɔa gbo nya dzɔdzɔea? Alo ɖe Ŋusẽkatãtɔ la trɔa nu dzɔdzɔe ta tunaa?
4
Nenye nuvɔ̃e viwòwo wɔ ɖe Mawu ŋu la, ekema eya ƒe to wòhe na wo.
5
Ke wò la, ne èdi Mawu vevie, eye nèƒo koko na Ŋusẽkatãtɔ la;
6
ne èdza, eye nèwɔ nu dzɔdzɔe la, ekema akpɔ tawò, agatrɔ ɖe ŋuwò kokoko, eye wòagbugbɔ wò aɖo nɔƒe si dze na wò la.
7
Togbɔ be wò gɔmedzedze le nyaŋui hã la, eme ava nyo na wò ŋutɔ emegbe.”
8
“Bia nu tso dzidzime siwo nɔ anyi tsã la ŋu, eye nàbu nu siwo ŋu wo tɔgbuiwo ke ɖo la ŋu kpɔ!
9
Àkpɔ be míawo la, etsɔviwo ko míenye, míenya naneke hã o, míaƒe agbenɔɣi le anyigba dzi le abe vɔvɔli ko ene.
10
Màlɔ̃ woafia nu wò, woaƒo nu na wò, eye woaɖe woƒe nugɔmesese afia wò oa?”
11
“Ðe aƒla ate ŋu wɔ ɖe afi si sime mele oa? Ðe ava ate ŋu tsi le afi si menye tsiteƒe oa?
12
Togbɔ be ele mumu, eye meɖo sisi me o hã la, etrea ƒuƒu na gbe bubuwo katã.
13
Alea wònɔna na ame, siwo katã ŋlɔ Mawu be la. Ame mavɔ̃mawu ƒe mɔkpɔkpɔ abu.
14
Eƒe dziɖoɖo ɖe nu ŋu mele naneke me o. Ðeko wòle abe yiyiɖɔ ene.
15
Ne ame ziɔ ɖe eƒe aƒe, si gɔ̃ hã le abe yiyiɖɔ ene ŋu la, menɔa te o. Ne eku ɖe eŋu la, mate ŋu axɔ nɛ o.
16
Nu dzea edzi na ame vɔ̃ɖi nyuie abe ale si nuku wɔna vlɔvlɔvlɔ le ɣetotoe nu ene; abe nuku si ɖea ka ɖe abɔ me ene.
17
Edoa ke ɖe kpewo dzi, eye wòwɔna ɖe kpeto me.
18
Ke ne èɖee ɖa le enɔƒe la, teƒe la sẽa nu be: ‘Nyemekpɔ wò kpɔ o.’
19
Kpɔ ɖa, esiae nye dzidzɔ si ame vɔ̃ɖi kpɔna; ke ame bubu dzɔna ɖe eteƒe.”
20
“Kpɔ ɖa, Mawu magbe ame maɖifɔ o, eye makpe ɖe nuvɔ̃ɖi wɔlawo ŋu o.
21
Agana nàko nu, eye nàgatso aseye.
22
Ŋu akpe wò futɔwo, eye nuvɔ̃ɖi wɔlawo ƒe aƒe atsrɔ̃.”
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42