bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 15
Job 15
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 16 →
1
Tete Elifaz, Temantɔ la ɖo eŋu be:
2
“Ðe nunyala aɖo nya ŋu kple bometsinya, eye wòatsɔ ɣedzeƒeya ayɔ eɖokuia?
3
Ðe wòatsɔ nuƒo maɖevi alo nya siwo me tsɔɖu aɖeke mele o la, anɔ eɖokui ta ʋlima?
4
Ke èle asi ɖem le Mawu-vɔvɔ̃ ŋu, eye nèle mɔ xem na ɖokuimeyiyi le Mawu ŋkume.
5
Elabe wò nuvɔ̃ɖi wɔwɔ le nu fiam wò nu, eye wò aɖe le nya me tiam ayetɔe.
6
Wò ŋutɔ wò nue le fɔ bum wò; menye nyee o. Wò ŋutɔ wò nuyiwoe nye ɖasefo ɖe ŋuwò.”
7
“Wòe nye amegbetɔ gbãtɔ wodzia? Alo wòe tre dzɔdzɔ na togbɛwoa?
8
Ðe nèɖo to Mawu ƒe adzamedaŋudede, eye ɖe nèbu be ye ɖeka koe nya nua?
9
Nu ka nènya si míawo míenya o? Nu ka gɔme nèse si me mekɔ na míawo ya o?
10
Kpɔ ɖa, ta ɣi tɔwo kple amegãɖeɖi siwo tsi wu tɔ́wò la le mía dome.
11
Ðe Mawu ƒe akɔfanya kple gbe bɔbɔe, si wòtsɔ le nu ƒom na wò la, meɖi naneke na wò oa?
12
Nu ka ta wò dzi kplɔ wò yina tatra ge, eye nèle ŋku trom alea gbegbe?
13
Nu ka ta nètsi tre ɖe Mawu ŋu, eye nya siawo tɔgbe le dodom le nuwò?
14
Nu ka nye amegbetɔ, ne wòate ŋu adzaa? Nu kae nye gbetɔ si nyɔnu dzi, ne wòate ŋu awɔ nu dzɔdzɔe?
15
Kpɔ ɖa, Mawu meɖoa dzi ɖe eƒe kɔkɔetɔwo ŋu o; dziƒowo gɔ̃ hã medza le eŋkume o.
16
Ko wòahaɖo dzi ɖe amegbetɔ, si wɔa ŋunyɔnu kple nuvɔ̃ɖi, eye nu vlo wɔwɔ bɔbɔ nɛ abe tsinono ene la, ŋua?”
17
“Kpɔ ɖa, ɖo to, mato nya na wò. Magblɔ nu si teƒe mekpɔ la na wò,
18
nu si nunyalawo gblɔ, eye wo tɔgbuiwo meɣla ɖeke o,
19
ame siwo ɖeɖe ko wotsɔ anyigba la na, eye amedzro aɖeke metsaka wo o.
20
Ame vɔ̃ɖi la, vevesese me ko wònɔna le eƒe agbenɔɣi katã. Fu ko ŋutasẽla kpena le agbe me.
21
Ŋɔdziɣli ɖina le eƒe to me, eye ne nu nyo nɛ wòɖe dzi ɖi la, nugblẽla ƒona ɖe edzi kpoyi.
22
Mexɔe se be yeado le viviti me o; yi koe le elalam.
23
Ele tsa glalã tsam le nuɖuɖu dim le gbɔgblɔm be: ‘Afi ka wòakpɔe le?’ Enya be vivitidogbe tu ye vɔ.
24
Xaxa kple vevesese doa ŋɔdzi nɛ. Wodzea edzi abe fia si ho aʋa la ene.
25
Elabe edo asi ɖe Mawu ŋkume, eye wòdze aglã ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ŋu la.
26
Elũ ɖe Mawu dzi kɔlialiatɔe, eye wòtrɔ eƒe akpoxɔnu ƒe titria ƒe do ɖee,
27
elabe ekpɔ lã me ɖe mo gbɔ, eye eƒe alime de ami.
28
Enɔ du gbagbãwo kple aƒedo siwo zu glikpo la me.
29
Ame sia mazu gatɔ akpɔ o, eƒe kesinɔnuwo manɔ anyi ɖaa o; eƒe agunu mali ke o.
30
Masí le ku ƒe viviti nu o. Anɔ abe ati si ƒe alɔwo dzo fiã la ene, eye ya aƒo eƒe seƒoƒowo adzoe.
31
Meganɔ ŋu ɖom ɖe nu dzodzrowo ŋu, anɔ eɖokui blem o, elabe yakanu ko anye eƒe fetu.
32
Hafi eƒe ŋkeke nade la, axɔ eƒe fetu deblibo la, eye eƒe atilɔ made ama o.
33
Alulũ abe waintsetse gbogboe le ka ŋu, eye adudu abe amiti ƒe seƒoƒo ene.
34
Mawumavɔ̃lawo ƒe ha medzina ɖe edzi o, eye dzo afiã aƒe siwo wotso kple zãnuxɔxɔ.
35
Wofɔ ayemenuwɔwɔ ƒe fu, hetsɔ nuvɔ̃ɖi dzi, eye woƒe dzime yɔ fũu kple alakpa.”
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42