bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 29
Job 29
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 30 →
1
Hiob yi eƒe nuƒoa dzi be:
2
“O, ɖe wòaganɔ nam fifia abe tsã kple ŋkeke siwo me Mawu kpɔa tanye ene la, ne anyo loo.
3
Ɣe ma ɣi la, eƒe akaɖi klẽna ɖe dzinye, eye eƒe kekeli kplɔam to viviti me.
4
Menɔ ame me, ŋusẽ nɔ ŋunye, eye Mawu bɔa ha kplim le aƒenye me.
5
Ɣe ma ɣi la, Ŋusẽkatãtɔ la nɔ kplim, eye vinyewo ƒo xlãm va kpe ɖo.
6
Notsi tòto meɖi nu le gbɔnye o; eyae klɔa nye afɔtoƒe. Ami dzina bababa tso agakpe me nam.
7
Ne medo ɖe dutakpeƒe heɖo nye zikpui anyi gli,
8
eye ɖekakpuiwo kpɔm la, wohena ɖe megbe. Ame tsitsiwo tsona tsia tsitre.
9
Dumegãwo dzudzɔa nuƒoƒo heɖoa asi nu.
10
Gbɔgblɔ buna ɖe bubumewo, eye woƒe aɖe léna ɖe aŋɔ me na wo.
11
To siwo se nye nuƒo la, gblɔna be eme nyo nam, eye ŋku siwo kpɔm la, kafuam.
12
Elabe mexɔna na ame dahe si do ɣli bia kpekpeɖeŋu kple tsyɔ̃evi si tsi asi la.
13
Ame si nɔ ku kple agbe dome la, yraam, eye menaa ahosi dzia dzidzɔha.
14
Dzɔdzɔenyenye nye awu, si medona. Nyametsotso dzɔdzɔe nye awu ʋlaya kple tablanu nam.
15
Mezu ŋku na ŋkuagbãtɔ kple afɔ na tekunɔ.
16
Tɔ́ menye na ame dahewo, eye medoa ame manyamanya ƒe ʋɔnunya gɔme.
17
Mefea glã na nu madzɔmadzɔ wɔla, eye meɖea adzonu le nu me nɛ.
18
Megblɔ na ɖokuinye be: ‘Manɔ agbe atsi, azu amegãɖeɖi hafi aku ɖe aƒenye me le ŋutifafa me.’
19
Menɔ abe tɔtoti ene, nye kewo nɔ tsi me, eye zãmu nɔ nye alɔwo dzi zã blibo la.
20
Bubu nɔ ŋunye ɖaa, eye nye ŋusẽ nɔ abe dati yeye ene.
21
Amewo léa to ɖe ŋunye; wodzɔa nye asi nu, eye wozia ɖoɖoe be yewoaxɔ nye aɖaŋuɖoɖo.
22
Ne meƒo nu vɔ la, nya meganɔa ame aɖeke si o. Nye nyawo dzea ame sia ame ŋu.
23
Wokpɔa mɔ nam abe tsidzadza lalam wole ene eye wokea nu ɖe te abe adatsi gbãtɔe dza ene.
24
Ne dzi ɖe le wo ƒo la, meɖoa nukomo na wo, eye womegbea nye mo kpɔkpɔ o.
25
Nyee tia mɔ na wo; menye woƒe tatɔ, eye menɔ wo dome abe fia le eƒe aʋakɔwo dome ene. Ẽ, abe akɔfala le konyifalawo dome ene.”
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 30 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42