bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 38
Job 38
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 37
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 39 →
1
Tete Aƒetɔ ɖo eŋu na Hiob azɔ le yali me.
2
“Ame kae nye esi tsɔ nuƒo si me nunya mele o la le adaŋudede tɔtɔm ale?
3
Tso nàsa avɔ ɖe ali abe ŋutsu ene, ne mabia nya wò nàfia num.”
4
“Afi ka nènɔ hafi meɖo xexeme gɔme anyi? Èbe nunyala yenye ɖe! Gblɔe mase.
5
Ame kae ɖo eƒe dzidzemewo? Ame kae da dzidzeka ɖe eŋu? Ènya ɖe!
6
Nu ka dzi woɖo xexeme gɔme anyi ɖo, eye ame kae ɖo eƒe dzogoedzikpe?
7
Gbe ma gbe ŋdi, esi ŋukeɣletiviwo le aseye tsom, eye Mawu viwo katã gli kple dzidzɔ ɖe, ènɔ eteƒea?
8
Alo ame kae tú ʋɔ ɖe atsiaƒu nu esime wòdo ʋlo tso vidzidɔme;
9
esi mewɔ alilikpowo tsyɔ nɛ, eye metsɔ viviti tsiɖitsiɖi xatsa ɖe eŋu?
10
Meɖo seɖoƒewo nɛ, de gametiwo kple ʋɔtruwo enu,
11
eye megblɔ nɛ be: ‘Afii nàva se; mèkpɔ mɔ agbɔ eme o. Afii wò ƒutsotsoe dàdala mawo atɔ ɖo.’ ”
12
“Wodzi wò kpa èɖe gbe na ŋu kpɔ be nekea? Èfia agudzedze ƒe nɔƒee kpɔ,
13
be nedze tso anyigba toga, aʋuʋui, ne ame vɔ̃ɖiwo nahlẽ ɖa le edzia?
14
Ne ŋu le kekem la, anyigba trɔna abe tsu si dzi wotu nui la ene; abe avɔ ƒe ama vovovowo ene.
15
Woxɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe ‘kekeli,’ le wo si, eye woŋe woƒe abɔ si wodo ɖe dzi la.”
16
“Ðe nède afi si atsiaƒu me tsi dzɔ tso la kpɔ loo, alo zɔ le egɔme ƒe nutotrowo me kpɔa?
17
Woʋu ku ƒe agbowo fia wò kpɔa? Èkpɔ viviti tsiɖitsiɖi ƒe agbowo kpɔa?
18
Èse anyigba ƒe kekeme gɔmea? Ne ènya nu siawo katã ko, gblɔe míse.
19
Kekeli ƒe aƒememɔ ɖe? Ènya viviti nɔƒea?
20
Màkplɔ wo ayi woƒe nɔƒe oa? Maɖanya woƒe aƒememɔ oa?
21
Kò! Ènyae! Ènyae la! Elabe wodzi wò ɣe ma ɣiwo ke xoxo! Menye egbevi nènye o ɖe!”
22
Ède ava siwo me medzra tsikpe ɖo la me kpɔa? Èkpɔ xɔ siwo me medzra dzikpe ɖo la me kpɔa?
23
Èɖakpɔ tsikpe kple dzikpe siwo meli kɔ ɖi ɖe xaxaɣi, aʋakpegbe kple aʋawɔɣi ŋua?
24
Mɔ ka kekeli tona dona, eye afi ka ɣedzeƒeya tona va ƒona ɖe anyigba dzi?
25
Ame kae dze mɔ na tsidzadza gãwo, eye wòɖe toƒe na dzikedzo kple dziɖegbe hã,
26
be wòahe tsidzadza va xexeme ƒe akpa si gbetɔ mele o, afi si ame aɖeke menɔna o la,
27
ne tsi naté anyigba si ɖi ƒuƒlu, be gbe namie ɖe edzi?
28
Ðe tɔ́ li na tsidzadzaa? Ame kae dzi zãmu ƒe gegeawo?
29
Ame ka ƒe vidzidɔ mee tsikpe do tso, eye ame ka ƒe alimevie nye zãmu-zu-tsikpe?
30
Tsiwo lia abe kpe ene, eye tɔ goglowo ŋgɔ bla goŋgoŋ.”
31
“Àte ŋu asa atifieŋuwo ƒe ka, alo atu ka avu kple avutɔa?
32
Àte ŋu akplɔ ŋukeɣletiviwo do goea? Alo afia mɔ koklovinɔ kple viawoa?
33
Ènya dziƒowo ƒe sewoa? Àte ŋu ana se siawo nakpɔ ŋusẽ ɖe anyigba hã dzia?
34
Àte ŋu aɖe gbe na alilikpowo be tsidzadza nedudu tsyɔ ye dzia?
35
Àte ŋu adɔ dzikedzowo ɖe dɔgbe, eye woagbɔ ava gblɔ na wò be: ‘Míawoe nye esi; míede gbɔ’ mahã?
36
Ame kae tsɔ nunya de ame ƒe ememe ke, eye wòtsɔ nugɔmesese de amegbetɔ ƒe susu me?
37
Ame kae nya nu kakaka, ate ŋu axlẽ alilikpowo? Alo ame kae ate ŋu atrɔ dziƒowo me tsizewo akɔ ɖe anyi,
38
ale be ʋuʋudedi nazu ba, agaƒu azu anyikɔ, alé ɖe wo nɔewo ŋu?”
39
“Ɖe nàte ŋu ada ade na dzata alo ana be dzataviwo naɖi ƒo,
40
ne wotsyɔ akɔ anyi ɖe wo nɔƒe, alo de xa ɖi ɖe woƒe avekɔe mea?
41
Ame kae dia nuɖuɖu na akpavia ne dɔ le viawo wum, eye wole tsa glãla tsam hele avi fam na Mawu?”
← Chapter 37
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 39 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42