bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 28
Job 28
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 29 →
1
“Klosalokuƒe li baa, eye sikalóloƒe hã li.
2
To mee wokua ga yibɔ tsonɛ, eye kpe mee wolóloa akɔbli tsonɛ.
3
Amegbetɔwo ɖoa seƒe na viviti; wodea teƒe goglotɔwo ke ɖadia gakpe ɣaɣla le to me, viviti tsiɖitsiɖi me ke.
4
Eɖe dowo ɖe baliwo me le adzɔge le amemanɔƒe, amematoƒe, afi si wonɔa nyenyem le ka ŋu, le ya me le.
5
Anyigba ya la, nuɖuɖu dona tsoa edzi; ete la, woguglui abe ale si dzo guglua nui ene.
6
Tomekpewo me safirkpe xɔasi le; woawo mee sikawɔ nɔna.”
7
“Xe ƒonu aɖeke menya tomenukuƒemɔ sia o, eye aʋako ƒe ŋku mekpɔe kpɔ o.
8
Lã wɔadã ƒe afɔ meka edzi kpɔ o; dzata hã meto afi ma kpɔ o.”
9
“Gake amegbetɔ ya tsona ɖe kpetsu sesẽtɔ ŋu hegbãnɛ, eye wòguglua towo ƒe agunu henɛ ɖe go.
10
Eɖea toƒe ɖe agakpewo to me, eye eƒe ŋku kpɔa nu xɔasi ɖe sia ɖe.
11
Ekua do ɖadona ɖe to me tɔsisiwo ƒe dzɔtsoƒe ke, eye wòhea nu si ɣla ɖe afi ma la ɖe go.”
12
“Ke nunya la, afi ka wokpɔnɛ le? Afi kae nye gɔmesese ƒe nɔƒe?
13
Amegbetɔ menya egbɔ mɔ o, eye womakpɔe le agbagbeawo de o.
14
Agume be: ‘Mele menye o,’ eye atsiaƒu be: ‘Mele gbɔnye o.’
15
Womate ŋu ana sika nyuitɔ ɖe eta o, eye klosalo kpekpeme aɖeke mede eƒe asi nu o.
16
Ofir-sika loo, soham alo safirkpe xɔasi loo, ɖeke megogoe le asixɔxɔ me o.
17
Sika alo kristalohuhɔ̃e mede enu o. Womate ŋu atsɔ sikanu nyuitɔwo aɖɔlii o.
18
Womaxa yi soe kple gbloti ŋkɔ yɔ ge ɖe eŋu o. Nunya nɔ ame si nyo wu adzagba.
19
Topas-kpe tso Nubia mede enu o, eye sika dzadzɛtɔ ƒe asi megogoe o.”
20
“Ekem afi ka nunya dzɔ tso? Afi kae nye gɔmesese ƒe nɔƒe?
21
Ele ɣaɣla ɖe agbagbeawo katã ƒe ŋkuwo, eye wòbe na dziƒoxeviwo.
22
Nugblẽla kple Ku be, ‘Wobewobe ko míese le eŋu.’ ”
23
“Mawue dze si egbɔ mɔ, eye wònya enɔƒe.
24
Elabe eyae kpɔa anyigba ƒe seƒe ke, eye wòkpɔa nu sia nu si le dziƒoa te.
25
Esime wòna kpekpeme yaƒoƒo, wòna dzidzeme tsi le dziŋgɔli me la;
26
esime wòɖo seƒe na tsidzadza kple toƒe na dzikedzo la,
27
ɣe ma ɣie wòkpɔe, ɖe gbeƒãe, ɖoe te, eye wòdzro eme kpɔ.
28
Tete wògblɔ na amegbetɔƒomea be: ‘Kpɔ ɖa, Aƒetɔ -vɔvɔ̃e nye nunya, eye vɔ̃tsitsrie nye gɔmesese.”
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 29 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42