bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 32
Job 32
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 31
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 33 →
1
Ale ŋutsu etɔ̃awo dzudzɔ nya ŋu ɖoɖo na Hiob, elabe ebu eɖokui ame dzɔdzɔe.
2
Tete Elihu do dziku be Hiob bu eɖokui ame dzɔdzɔe wu Mawu. Elihu nye Baraxel vi, eye Baraxel nye Buz ƒe dzidzimevi tso Ram-ƒome la me.
3
Edo dziku ɖe Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo hã ŋu, elabe togbɔ be wobu fɔ Hiob hã la, womete ŋu ɖo eƒe nyawo ŋu nɛ o.
4
Elihu ye nye ɖevitɔ. Ke Elihu tsɔ eƒe nyawo le Hiob dzɔmee elabe ame kemɛawo tsi wui.
5
Esi ame etɔ̃awo mete ŋu ɖo Hiob ƒe nyaawo ŋu nɛ o la, dzi ku Elihu.
6
Elihu, Buzitɔ, Baraxel vi la gblɔ be: “Nyemetsi o, miawo mietsi wum sãa, eya ta mevɔ̃ be magblɔ nye susu afia mi.
7
Megblɔ na ɖokuinye be: ‘Tsitsiawo neƒo nu gbɔ; ƒè geɖee xɔlae fiaa nunya ame.’
8
Gake Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔ si le amegbetɔ me lae naa gɔmesese.
9
Nunya mele tsitsime o, eye menye amegãɖeɖiwo koe nya nu si le eteƒe la o.
10
Eya ta mebe: ‘Miɖo tom; mina nye hã maɖe nye nunya afia.’ ”
11
“Kpɔ ɖa, melé to ɖe miaƒe nuƒo ŋu nyuie; meɖo to se ale si miele nyawo ŋudɔ wɔmee be gɔmesese le wo me mahĩ.
12
Melé to ɖe miaƒe nyaawo ŋu tsitotsito, ke mia dometɔ aɖeke meɖee fia be Hiob ƒe nya medzɔ o, eye ame aɖeke meɖo eƒe nyawo ŋu o.
13
Ðeko migagblɔ be: ‘Míedo go nunya; eglo mí. Eya kple Mawu koe akpla’ o.
14
Menye gbɔnyee wòdo eƒe nya ɖo o, eye menye miaƒe nyawo tsɔ ge mala aɖo eŋu nɛ o.”
15
“Eglo wo. Womete ŋu le nya ŋu ɖom o; gbɔgblɔ bu ɖe wo.
16
Ko nyea manɔ anyi ɖi, esime wole tsitre numaƒomaƒoe, eye womegale nya aɖeke ŋu ɖom oa?
17
Nye hã maɖo tɔnye nua ŋu, eye nye hã maɖe nye susu afia.
18
Nya le asinye kpaŋkpaŋ magblɔ; medo dzi ʋuu wòglo.
19
Mezu lãgbalẽgolo yeye si wain yɔ taŋ, wotu nu ɖe enu. Ne nyemeƒo nu o la, mawó fifi laa.
20
Maƒo nu, ne mavo. Make nu aɖo nyaawo ŋu.
21
Nyemade ame aɖeke dzi o, eye nyemavivi nu me na ame aɖeke o.
22
Elabe nyemenya ale si wovivia nu mee o; anye ne nye Wɔla aɖem ɖa kpuie.”
← Chapter 31
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 33 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42