bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 14
Job 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 15 →
1
“Gbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia la, eƒe agbe le kpuie, eye wòyɔ fũu kple xaxa.
2
Edona abe seƒoƒo ene, eyrɔna, eye wòbuna vĩ abe vɔvɔli ene, eye meganɔa anyi o.
3
Ame sia tɔgbe ŋu nàke ŋku ɖo, akplɔ yi ʋɔnuia?
4
Ame kae ate ŋu aɖe nu dzadzɛ tso nu madzamadza me? Ame aɖeke meli o.
5
Esi woɖo eƒe ŋkekewo, eƒe ɣletiwo ƒe xexlẽme le gbɔwò, eye nèɖo liƒo na eƒe toƒe afi si ŋu magbɔ o ta la,
6
ɖe kɔ ɖa le eŋu, ne wòavo, eye wòakpɔ dzidzɔ abe ale si apadɔwɔla kpɔnɛ le eƒe ŋkeke ŋui la ene.”
7
“Elabe mɔkpɔkpɔ li na ati, be ne wolãe la, agadze, eye eƒe alɔwo magbe toto o.
8
Togbɔ be eƒe ke ado xoxo le anyigba me, eye eƒe takpoa aku le to me hã la,
9
tsi ƒe ʋeʋẽ nana be wògadzena, ɖea alɔ abe ati fɛ̃ ene.
10
Ke ne amegbetɔ ku la, emlɔa anyi, drana ɖi. Ne gbetɔ mia nu la, afi kae wògale?
11
Ale si tsi nona le tá me, eye tsi miena le tɔyo me la,
12
nenemae gbetɔ kuna, megagbɔa agbe o. Va se ɖe esime dziƒowo nu nava yi la, gbetɔ manyɔ akpɔ o; naneke manyɔe tso eƒe alɔ̃ me gbeɖe o.
13
O, ne ɖe nàɣlam ɖe tsiẽƒe, aɖo ŋkeke nam, eye nàdzram ɖo ɖe afi ma va se ɖe esime wò dɔmedzoe nu nafa, eye nàɖo ŋku dzinye la, anyo kpem!
14
Ne gbetɔ ku la, ɖe wòagagbɔ agbea? Le nye subɔsubɔɣi bliboa me la, magbɔ dzi ɖi, va se ɖe esime ame bubu nava ɖɔlim.
15
Àyɔm, eye matɔ na wò; àdi wò asinudɔwɔwɔ.
16
Elabe ɣe ma ɣi àxlẽ nye afɔɖeɖewo, eye màgalé ŋku ɖe nye nuvɔ̃wo ŋu o.
17
Àdzi nye dzidadawo goŋgoŋ ɖe kotoku me atre enu, eye atsyɔ nu nye vodadawo dzi.”
18
“Ke to gbãna hetua wɔ, eye agakpe tena ɖa le enɔƒe.
19
Tsi nyia kpe wòvɔna, eye tsiɖɔɖɔ kplɔa ke nyui ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ. Alea ke nègblẽa gbetɔ ƒe mɔkpɔkpɔ mee.
20
Ètea amegbetɔ ɖe to ʋuu wotsrɔ̃na. Ètrɔa eƒe mo bubui, eye nènyanɛ ɖa.
21
Ne woɖe bubu le viawo ŋu la, menyana o, eye ne wodo vlo wo hã la, medzea sii o.
22
Eya ŋutɔ ƒe ŋutilã koe sea veve eye wòxaa nu le eɖokui me.”
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42