bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 6
Job 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 7 →
1
Tete Hiob ɖo eŋu be:
2
“Ne ɖe woaƒo ƒu nye dzɔgbevɔ̃e kple dzikudodo ada le nudanu me la,
3
anye ne woakpe wu ƒutake gɔ̃; eya tae mele nu ƒom kple adã alea.
4
Ŋusẽkatãtɔ la ƒe aŋutrɔwo ƒo ɖem, nye gbɔgbɔ no woƒe aɖi; Mawu tsɔ ŋɔdzidoname ho aʋa ɖe ŋunye.
5
Ðe gbetedzi xlɔ̃na ne wòle gbe dama ɖuma? Ðe nyi xlɔ̃na ne nuɖuɖu le egbɔa?
6
Ðe woɖua nu vɔvɔ dzemadeea? Alo ɖe azi ƒe ɣiƒe vivinaa?
7
Wowɔ yaa ɖe nu me nam; wole ŋu nyɔm nam.”
8
“Ao, Mawu, màna nu si biam mele lam oa? Nu ka ta màwɔ nye didi dzi nam oa?
9
Ne ɖe wòadze Mawu ŋu be wòagbãm gudugudu, atso nye agbe ɖa la, anyo.
10
Esia afa akɔ nam. Ne mele veve helihelĩ sem gɔ̃ hã, makpɔ dzidzɔ; elabe nyemegbe nu le Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo gbɔ o.
11
Ŋusẽ kae gale ŋunye, manɔ lalam? Nuwuwu kae le asinye, magadi be manɔ agbe?
12
Kpee wotsɔ memea? Nye ŋutilã ɖe, akɔbli yea?
13
Nyateƒe, ŋusẽ vɔ le ŋunye keŋ, eye xɔnametɔ meli nam o.”
14
“Ame siwo gbe dɔmenyowɔwɔ na wo xɔlɔ̃ la, gbe Ŋusẽkatãtɔ la hã vɔvɔ̃.
15
Ke nɔvinyewo wɔ alakpanu abe tsidzadza si xa ɖi ene; wole abe ta siwo miena kaba, ne tsi tsò teti ko la ene.
16
Tsi babla na wo me nyɔ vĩ, eye tsikpe ɣla ɖe wo me.
17
ke ne dzoxɔxɔ ɖo wo me ko la, womiena ƒiaƒiaƒia; ne ŋdɔ ʋu ko la, wobuna le wo teƒe keŋkeŋ.
18
Kposɔhawo dze le woƒe mɔ dzi yi wo gbɔ, ke ɖeko wotsrɔ̃.
19
Tema-kposɔhawo le afi ma kpɔm, eye Seba-mɔzɔhawo le ŋu ɖom ɖe wo ŋu.
20
Woka ɖe edzi kplikpaa, ke wobu mɔkpɔkpɔ; Wova afi ma, eye wotɔtɔ.
21
Alea tututu miawo hã mieva zu nam. Miekpɔ be dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe dzinye, eye vɔvɔ̃ ɖo mi.
22
Ðe megblɔ be: ‘Mina nanem!’ alo be: ‘Mitsɔ miaƒe kesinɔnu na zãnui ɖe nunye’ mahã?
23
Alo ɖe mebe: ‘Miɖem tso ketɔ si me,’ alo ‘Mixɔm le ŋutasẽla si me’ mahã?”
24
“Enyo, mazi kpoo, ne miafia num. Miɖe nu si me metra le la me nam, ne manya.
25
Nyateƒenyawo wɔa dɔ ŋusẽtɔe! Ke nu ka le miaƒe nya si hem miele ɖe ŋunye la me?
26
Ðe miebu be yewoaɖe vodada nam abe nya gbɔlo koe le wɔnavɔleŋutɔ ƒe nu me tsom enea?
27
Miedi gɔ̃ hã be miadzidze nu ɖe tsyɔ̃eviwo dzi, eye miele asi dom ɖa ɖe mia xɔlɔ̃ gɔ̃ hã ŋu.”
28
“Ke azɔ milɔ̃ miakpɔ ŋkunye me. Nyemaka aʋatso na mi o.
29
Taflatsɛ, mitrɔ kpɔm dzro; alakpa meganɔ eme o. Mitrɔ ne miase, nye nya dzɔdzɔe la!
30
Aɖeveetɔ menyea? Ðe nyemele dzɔgbevɔ̃e gã, si va dzinye la kpɔm oa?
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42