bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 9
Job 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 10 →
1
Tete Hiob ɖo eŋu be:
2
“Nyateƒe, menya be ele eme nenema, gake ale ke gbetɔ ƒe nya adzɔ le Mawu gbɔe?
3
Ne edi be yeahe nya kplii, eye wòbia biabia akpe ɖeka hã la, mate ŋu aɖo ɖeka teti ŋu o.
4
Enye nunyatɔ, eye eƒe ŋusẽ tri akɔ. Ame ka kpe akɔ kplii gale dedie?
5
Eya ame si mli towo ɖa, womenya gɔ̃ hã o. Etrɔ wo tsyɔ anyi kple dziku.
6
Eʋuʋu anyigba le enɔƒe ale eƒe sɔtiwo dzo kpèkpekpe.
7
Eya ame si ɖe gbe na ɣe, eye medze o. Exe mɔ na ɣletiviwo, womeklẽ o.
8
Eya ɖeka koe keke dziŋgɔli me, eye wòzɔ ƒu dzeagbo dzi.
9
Eyae wɔ ɣletiviwo: koklovinɔ, avu kple avutɔ, atifieŋu kple anyigbeme ɣletiviwo.
10
Ewɔa nu gã gã siwo me womate ŋu adzro o, eye wòwɔa nukunu siwo mele xexlẽme o.
11
Kpɔ ɖa, eva toa ŋunye, nyemekpɔnɛ o. Ezɔna yina, nyemedzea sii o.
12
Kpɔ ɖa, edua nu le ame si, ame ka ate ŋu axe mɔ nɛ? Ame kae abiae be: ‘Nu ka nye esi wɔm nèle?’ ”
13
“Mawu ƒe dziku nu mefana o. Raxab ƒe kpeɖeŋutɔwo gɔ̃ hã de ta agu nɛ.
14
Ne ele alea ɖe, ale ke nye sia, mate ŋu aɖo nya ŋu nɛ? Nya ka makpɔ atsɔ ɖo nya ŋu nɛ?
15
Togbɔ be tɔnye dzɔ hã, nyemate ŋu aɖo nya ŋu nɛ o. Kuku boŋ maɖe na ame si tsɔ nya ɖe ŋunye, be nekpɔ nublanui nam.
16
Ne mesamae wòlɔ̃ va hã la, nyemexɔe se be alé to ɖe nye nya ŋu o.
17
Ena ahom tugum, eye wòna nye abiwo gasɔ gbɔ ɖe edzi; evɔ nyemewɔ naneke hafi o.
18
Ena gbɔgbɔtsixe tsi ƒonye; nye amea meyɔ taŋ kple vevesese.
19
Le ŋusẽ me hã, kpɔ ɖa, eya ko ye. Ne enye ʋɔnu la, ame ka ahem yii?
20
Togbɔ be tɔnye dzɔ hã la, nye ŋutɔ nye nu abu fɔm. Mokaka mele ŋunye o baa; ke aɖee fia be menye agɔdzela.
21
Mokaka mele ŋunye o. Nyemetsɔ ɖeke le nu si adzɔ ɖe dzinye la me o. Agbe tim.
22
Nyemegatsɔ ɖeke le eme o. Eya ta mebe: ‘Etsrɔ̃a ame maɖifɔ kple ame vɔ̃ɖi siaa.’
23
Ne dzɔgbevɔ̃e ɖi ɖe ame, eye amewo le kukum la, Mawu ɖea alɔ me le ame maɖifɔ siwo le fu kpem la ŋu.
24
Mawu tsɔ xexea me de asi na vɔ̃wɔlawo, eye wòtsyɔ nu mo na woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo. Ne menye Mawue wɔe o ɖe, ekema ame kae?”
25
“Nye ŋkekewo le du dzi sesĩe wu duƒula. Wo nu va yi, dzɔgbe nyui aɖeke makpɔe.
26
Wosí va yi abe aƒlaʋu ene, abe ale si hɔ̃ si dea agba anyi ƒoa nui la ene.
27
Mawu, ne megblɔ be: ‘Maŋlɔ nye konyifafa be. Madzudzɔ blanuiléle, eye makpɔ dzidzɔ’ la,
28
ekema nye fukpekpewo katã gadoa vɔvɔ̃ nam wu, elabe menya be mèle afia tso ge nam o.
29
Wobu fɔm xoxo, nu ka ƒe agbagba dzem mele dzodzro?
30
Ne mele tsi zɔzrɔ̃e, eye meklɔ asi kple adzalẽ gɔ̃ hã la,
31
ànyrɔm ɖe ba me, eye manyɔ ŋu na nye awuwo gɔ̃ hã.
32
Elabe menye amegbetɔ wònye abe nye ene, ne maɖo eŋu nɛ be: ‘Va míyi ʋɔnu’ o.
33
Avuléla aɖeke mele mía dome, aɖo asi mí ame evea dzi o.
34
Neɖe eƒe ameƒoti ɖa le ŋunye, eye eƒe ŋɔdzi nagado vɔvɔ̃ nam o.
35
Ekema maƒo nu vɔvɔ̃ manɔmee, elabe menye nenemae mele o.”
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42