bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 1
Numbers 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 2 →
1
Esi Israelviwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi le ƒe eve megbe la, Aƒetɔ ƒo nu kple Mose le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi le godoƒegbadɔ me le Sinai-gbedadaƒo. Egblɔ nɛ be:
2
“Mixlẽ Israelviwo ƒe ha blibo la le woƒe ƒomewo kple woƒe aƒekɔwo nu. Miŋlɔ ŋutsuwo katã ŋkɔ ɖekaɖeka.
3
Mitia ame siwo xɔ ƒe bla eve kple vɔ, eye woate ŋu ade aʋa la miaxlẽ hamehame.
4
Miɖe ŋutsu ɖekaɖeka siwo nye tatɔ le woƒe aƒekɔwo nu le to sia to me la woakpe ɖe mia ŋu.
5
Ŋutsu siwo akpe ɖe mia ŋu la ŋkɔwo nye esi: Elizur, Sedeur vi, tso Ruben-to la me;
6
Selumiel, Zurisadat vi, tso Simeon-to la me;
7
Naheson, Aminadab vi, tso Yuda-to la me;
8
Netaneel, Zuar vi, tso Isaxar-to la me;
9
Eliab, Xelon vi, tso Zebulon-to la me;
10
Yosef viwo tɔwo nye: Elisama, Amihud vi, tso Efrayim-to la me.
11
Abidan, Gideoni vi, tso Benyamin-to la me.
12
Axiezer, Amisadai vi, tso Dan-to la me;
13
Pagiel, Oxran vi, tso Aser-to la me;
14
Alyasaf, Deguel vi, tso Gad-to la me;
15
Axira, Enan vi, tso Naftali-to la me.”
16
Ame siawoe wotia le ha la dome eye wonye wo tɔgbuiwo ƒe towo ƒe amegãwo kple tatɔwo le Israel ƒe toawo nu.
17
Mose kple Aron tsɔ ŋutsu siawo, siwo woyɔ la,
18
eye le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, woƒo ƒu ameha blibo la ɖekae. Wode ame siwo xɔ ƒe bla ene kple vɔ la ŋkɔwo dzidzimegbalẽ me ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple woƒe aƒekɔwo nu,
19
abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose be newɔe ene. Ale exlẽ wo le Sinai-gbedadaƒo.
20
Woxlẽ Ruben, Israel ƒe ŋgɔgbevi la ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, ɖe woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la:
21
Ruben-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le ame akpe bla ene vɔ ade alafa atɔ̃.
22
Woxlẽ Simeon ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la:
23
Simeon-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla atɔ̃ vɔ asieke alafa etɔ̃.
24
Woxlẽ Gad ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la:
25
Gad-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla ene vɔ atɔ̃ alafa ade bla atɔ̃.
26
Woxlẽ Yuda ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la:
27
Yuda-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla adrẽ vɔ ene alafa ade.
28
Woxlẽ Isaxar ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la:
29
Isaxar-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla atɔ̃ vɔ ene alafa ene.
30
Woxlẽ Zebulon ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la:
31
Zebulon-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla atɔ̃ vɔ adrẽ alafa ene.
32
Woxlẽ Efrayim ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la:
33
Efrayim-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla ene alafa atɔ̃.
34
Woxlẽ Manase ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la:
35
Manase-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla etɔ̃ vɔ eve alafa eve.
36
Woxlẽ Benyamin ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la:
37
Benyamin-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla etɔ̃ vɔ atɔ̃ alafa ene.
38
Woxlẽ Dan ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la:
39
Dan-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla ade vɔ eve alafa adrẽ.
40
Woxlẽ Aser ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la:
41
Aser-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla ene vɔ ɖekɛ alafa atɔ̃.
42
Woxlẽ Naftali ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la:
43
Naftali-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla atɔ̃ vɔ etɔ̃ alafa ene.
44
Esiawo nye ame siwo Mose kple Aron kpakple Israel ƒe amegãwo tia xlẽ. Amegãwo le ame wui eve, to ɖeka ame ɖeka.
45
Wotia Israelviwo katã xlẽ le wo tɔ́wo ƒe aƒewo nu, ame siwo katã xɔ ƒe bla eve kple vɔ, eye woate ŋu ade aʋa le Israel la.
46
Wo katã ƒe ƒuƒoƒo nye akpe alafa ade kple etɔ̃ alafa atɔ̃ bla atɔ̃.
47
Ke womexlẽ Levi viwo ya ŋlɔ kpe ɖe Israel-to bubuawo ŋu o,
48
elabe Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
49
“Ne èle ameawo xlẽm la, mègaxlẽ Levi viwo ya de to bubuawo ƒe xexlẽme me o.
50
Ke boŋ nà woawo nakpɔ agbadɔ si me se la le kple eŋu nuwo katã dzi. Woawo natsɔ agbadɔ la kple eŋu nuawo, akpɔ wo dzi, eye woaƒu asaɖa anyi aƒo xlãe godoo.
51
Ne miele hoho ge le teƒe aɖe la, Levi viwo nakaka agbadɔ la atsɔ, eye ne mieɖo nɔƒe si mianɔ la, woawo natui. Evɔ ne ame bubu aɖe te ɖe agbadɔa ŋu la, wonewui.
52
Israelvi bubuawo naƒu asaɖa anyi hamehame ɖe woƒe nɔƒewo le woƒe aflagawo gbɔ.
53
Ke Levi viwo ya naƒu asaɖa anyi aƒo xlã agbadɔ si me se la le la godoo, eye woadzɔ eŋu le ɖoɖoawo nu, ale be ame aɖeke nagate ɖe eŋu, eye mado dɔmedzoe ɖe Israel-ha blibo la ŋu o.”
54
Ale Israelviwo wɔ nu sia nu pɛpɛpɛ abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36