bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 12
Numbers 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 13 →
1
Mose ɖe Nubia-nyɔnu aɖe eye Miryam kple Aron ƒo nu tsi tre ɖe Mose ŋu
2
gblɔ be: “Mose ɖeɖe koe Aƒetɔ ƒo nu kplia? Ɖe meƒo nu kple míawo hã oa?” Aƒetɔ se nya si wogblɔ.
3
Mose nye ame fatu; etɔgbe mele anyigba dzi o.”
4
Enumake Aƒetɔ gblɔ na Mose, Aron kple Miryam be: “Mi ame etɔ̃a mido va nye agbadɔ gbɔ.” Wodo yi.
5
Aƒetɔ ɖi va agbadɔ la nu le alilikpo dodo aɖe me heyɔ Aron kple Miryam. Wo kple evea do yi ŋgɔ,
6
eye Aƒetɔ gblɔ be: “Mise nya si gblɔ ge mala na mi. Meɖea ɖokuinye fiaa ame si nye nye gbeƒãɖela le mia dome la le ŋutega me, eye meƒoa nu kplii le drɔ̃e me.
7
Ke nyemewɔa alea na nye dɔla Mose ya o. Metsɔ nye dukɔ bliboa dzikpɔkpɔ de esi.
8
Nye ŋutɔ meƒoa nu kplii ŋkume kple ŋkume, eye nyemeɣlaa nya aɖeke ɖee o; menana be nu sia nu me kɔna nɛ nyuie. Medzena nɛ kura gɔ̃ wòkpɔa Aƒetɔ ƒe nɔnɔme. Nu ka ta mievɔ̃a nuƒoƒo le nye dɔla Mose ŋu o?”
9
Aƒetɔ do dɔmedzoe ɖe wo ŋu hedzo.
10
Kasia esi alilikpo la nakɔ ɖa le agbadɔa dzi la, ŋutigbalẽdɔ vɔ̃ɖi aɖe si amewo vɔ̃na ŋutɔ la dze Miryam dzi enumake, eye eƒe ŋutigbalẽ fu kpii abe ɖetifu ene. Esi Aron trɔ kpɔe, eye wòkpɔ be edze ŋutigbalẽdɔ vɔ̃ɖi sia la,
11
egblɔ na Mose be: “Meɖe kuku, bometsitsie na míewɔ nuvɔ̃ eya ta mègana woahe to na mí ɖe eta o.
12
Mègana wòanɔ abe vidzĩ si ku ɖe dɔme na nɔa, eye eƒe akpa ɖeka ƒaƒã hafi wodzii la ene o.”
13
Ale Mose do ɣli na Aƒetɔ be: “O, Mawu, meɖe kuku, yɔ dɔe dzro!”
14
Aƒetɔ ɖo eŋu be: “Ɖe wònye tɔ́ae ɖe ta ɖe mo nɛ la, ŋu makpee ŋkeke adrẽ oa? Eya ta mina woasae ɖe aga wòanɔ asaɖa la godo ŋkeke adrẽ. Ema megbe la, woagakplɔe ava emee.”
15
Ale wode Miryam xɔ ɖe asaɖa la godo ŋkeke adrẽ, eye dukɔ la meho o, va se ɖe esime wogakplɔe va asaɖa la me.
16
Emegbe woho tso Xazerot, eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Paran-gbedadaƒo.
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36