bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 5
Numbers 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 6 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
“Na Israelviwo naɖe ŋutigbalẽdɔ si amewo vɔ̃na la lélawo, afuɖɔlawo kple ame siwo gblẽ kɔ ɖo le ame kuku ŋu la ɖa le asaɖa la me.
3
Woaɖo wo ɖe asaɖa la godo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, be womagagblẽ kɔ ɖo na woƒe asaɖa la o, elabe afi mae mele wo dome le.”
4
Israelviwo wɔ nu si Mose gblɔ na wo la pɛpɛpɛ, eye woɖo ameawo ɖe asaɖa la godo.
5
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
6
“Gblɔ na Israelviwo be, ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe mewɔ nuteƒe na Aƒetɔ o, eye wòda vo ɖe ame aɖe ŋu la, eɖi fɔ.
7
Eya ta fɔɖila la naʋu eƒe vodada me, eye wòaxe fe dedie ɖe nu si me wòɖi fɔ le la ta. Azɔ atsɔ ga si wòxe la ƒe memama atɔ̃liawo ɖeka akpe ɖe eŋu atsɔ na ame si ŋu wòɖi fɔ ɖo la.
8
Ke ne amea ku, eye ƒometɔ si te ɖe eŋu aɖu eƒe dome meli wòaxe fe la na o la, ekema fe si wòxe la zu Aƒetɔ tɔ woatsɔ na nunɔla. Agbo si woatsɔ awɔ avuléle kɔnu la hã nakpe ɖe eŋuti.
9
Nunana kɔkɔe siwo katã Israelviwo ava na nunɔla abe adzɔ ene la anye nunɔla tɔ.
10
Ame sia ame ƒe nu kɔkɔe si wòava na la anye nunɔla tɔ, eye nu sia nu si ame aɖe va na nunɔla la, nye eya ŋutɔ tɔ.”
11
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
12
“Gblɔ na Israelviwo be adzɔ be ŋutsu aɖe srɔ̃ mawɔ nuteƒe nɛ o,
13
eye ŋutsu bubu nadɔ kplii ale be wòagblẽ kɔ ɖo. Srɔ̃ŋutsua manya o, eye nya la atsi to me elabe womelée asiasii o, eye ɖasefo aɖeke hã meli o.
14
Ke ava eme be ŋutsua abu nazã, ŋuʋaʋã naɖo eme, eye wòade asi anukluiwɔwɔ me le srɔ̃a ŋuti. Azɔ la, ava eme hã be ŋutsua abu nazã anɔ anuklui wɔm le srɔ̃a ŋuti, evɔ wònye nyɔnua megblẽ kɔ ɖo hafi o.
15
Ne eva eme le go eveawo me alea la, srɔ̃ŋutsua nekplɔ srɔ̃a yi nunɔla gbɔ, eye wòatsɔ luwɔ kilo ɖeka si nye vɔsanunana la akpe ɖe eŋuti. Makɔ ami ɖe edzi alo ada dzudzɔdonu hã ɖe edzi o, elabe vɔsanunana si srɔ̃ŋutsu nazãbula tsɔ vɛ be nyateƒe nadze la wònye.
16
Nunɔla la nana nyɔnua nate va, eye wòatsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ.
17
Nunɔla la neku tsi kɔkɔe ɖe agba me, eye wòalɔ ke le anyigba le agbadɔ la me akɔ ɖe tsia me.
18
Azɔ la, wòatu nyɔnua ƒe ɖa le ta nɛ, akakae, eye wòatsɔ luvɔsanunana la ade asi me nɛ. Ke nunɔla la ŋutɔ alé tsi veve si hea fiƒode vaa ame dzi la ɖe asi.
19
Nunɔla la ana wòaka atam agblɔ be: ‘Ne ŋutsu aɖe de asi ŋuwò fĩi! Nenye be mèwɔ ahasi hegblẽ kɔ ɖo o la, fiƒodetsi veve sia megawɔ naneke wò o.
20
Evɔ ne èwɔ ahasi hegblẽ kɔ ɖo la,
21
Aƒetɔ nena fiƒode la neɖi ŋuwò nàtrɔ zu ɖiŋudonu le wò dukɔ me. Aƒetɔ ana wò ali naklẽ, eye ƒodo nadzi ɖe nuwò.
22
Fiƒodetsi veve sia neɖo dɔme na wò, wò ame la nàte, eye wò ata natu!’ Nyɔnua aɖo eŋu be: ‘Neva eme nenema, neva eme nenema.’
23
Emegbe nunɔla aŋlɔ fiƒodenya siawo ɖe agbalẽ me, eye wòakpalae ɖe fiƒodetsi si hea fukpekpe vaa ame dzi la me.
24
Hafi wòana nyɔnua nano tsi veve la wòaɖo lã me nɛ la,
25
nunɔla la axɔ luvɔsanunana la le esi, eye wòanyèe le Aƒetɔ ŋkume, emegbe wòatsɔe ayi vɔsamlekpui la gbɔe.
26
Nunɔla la aku luvɔsanunana la asiʋlo ɖeka, abe ŋkuɖoɖo nu dzi ƒe dzesi ene, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. Esiawo megbe hafi wòana nyɔnua nano tsi la.
27
Nenye be ewɔ ahasi, eye wògblẽ kɔ ɖo vavã hafi no fiƒodetsia la, tsia aɖo lã me nɛ, eye wòase veve vevie. Ƒodo adzi ɖe enu, eƒe ali aklẽ, eye wòatrɔ zu ɖiŋudonu le eƒe dukɔ me.
28
Ke ne nyɔnu la megblẽ kɔ ɖo o, eye eƒe nya dzɔ la, naneke mawɔe o, eye wòagate ŋu afɔ fu adzi vi.
29
“Esia nye se le ŋuʋaʋã ŋu. Ne nyɔnu aɖe le atsuƒe eye wòda ƒu ɖe srɔ̃a ŋu, gblẽ kɔ ɖo
30
ŋuʋaʋã gbɔgbɔ ɖo ŋutsu aɖe me, eye wode asi anukluiwɔwɔ me ɖe srɔ̃a ŋu la, ekema nekplɔ nyɔnu la va Aƒetɔ ŋkume, eye nunɔla nawɔ nu siawo katã nɛ ɖe se la nu.
31
Ŋutsu la avo tso nuvɔ̃ me, ke nuvɔ̃ ƒe agba anɔ nyɔnua dzi.”
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36