bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 28
Numbers 28
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 29 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
“Milé ŋku ɖe nye dzovɔsa ŋu, eye miatsɔe asa vɔe nam le ɣeyiɣi si woɖo ɖi la dzi. Nye nuɖuɖue wònye, eye eƒe ʋeʋẽ lílili dzea ŋunye.
3
Nuɖuɖu si miatsɔ asa vɔe nam lae nye esi: Alẽvi eve siwo sɔ keŋ, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka lae woame asa vɔe gbe sia gbe.
4
Miawu ɖeka le ŋdi me eye miawu evelia le ɣetrɔ me.
5
Miatsɔ wɔ memee kilo ɖeka si wodzaba kple dzomi lita ɖeka awɔ nuɖuɖuvɔsa lae.
6
Enye numemevɔsa si wowɔna edziedzi tso Sinai-to la gbɔ ke, eye wònye dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ lílili dzea ŋunye.
7
Mitsɔ nunonovɔsa lita ɖeka kpe ɖe alẽvia ɖe sia ɖe ŋu, eye miakɔ wain la ɖe kɔkɔeƒe la le Aƒetɔ ŋkume.
8
Miwɔ alẽvi evelia ŋudɔ le fiẽ me, eye nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa nakpe ɖe eŋu abe ale si miewɔe le ŋdi me ene. Miwɔ dzovɔsa la wòaʋẽ ɖem lílili.”
9
“Le Dzudzɔgbe la, miwɔ alẽvi eve ŋudɔ. Woanye alẽvi siwo naneke mewɔ afi aɖeke na o, eye ɖe sia ɖe nexɔ ƒe ɖeka. Mitsɔ wɔ memee kilo eve si wodzaba kple ami wɔ nuɖuɖuvɔsa lae, eye wain si nye nunonovɔsa hã nakpe ɖe eŋu.
10
Miasa numemevɔ sia dzudzɔgbe sia dzudzɔgbe. Numemevɔsa kple nunonovɔsa si miewɔna gbe sia gbe la nakpe ɖe eŋuti.
11
“Gbe si gbe dzinu dze dzi la, mimè nu sa vɔe nam. Vɔsanuawo nanye: Nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple alẽvi adrẽ siwo naneke mewɔ afi aɖe na o, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka la.
12
Le nuɖuɖuvɔsa gome la, mitsɔ wɔ memee kilo etɔ̃ si wodzaba kple ami la wɔe kpe ɖe nyitsuawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Mitsɔ wɔ memee kilo eve si wodzaba kple ami la wɔ nuɖuɖuvɔsa kpe ɖe agbo ɖeka ŋu.
13
Mitsɔ wɔ memee kilo ɖeka si wodzaba kple ami la wɔ nuɖuɖuvɔsa kpe ɖe alẽviawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Numemevɔsa siawo nye nuɖuɖuvɔsa siwo ƒe ʋeʋẽ lílili dzea Aƒetɔ ŋu.
14
Mitsɔ wain lita eve wɔ nunonovɔsa kpe ɖe nyitsuawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Wain lita ɖeka kple afã nakpe ɖe agbo ɖeka la ŋu, eye wain lita ɖeka nakpe ɖe alẽviawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Esia nanye ɖoɖo si dzi miawɔ ne dzinu dze dzi, eye miele numemevɔ sam.
15
Hekpe ɖe numemevɔsa kple nunonovɔsa siwo miawɔ gbe sia gbe ŋu la, mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe nam.
16
“Ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wui enelia nye Paska na Aƒetɔ.
17
Ŋkeke Nyuia ɖuɖu nadze egɔme tso ŋkeke wui atɔ̃lia gbe, eye woaɖui ŋkeke adrẽ sɔŋ. Le ɣeyiɣi sia me la, miaɖu abolo si me womede aboloʋãnui o.
18
Ŋkeke gbãtɔ nye takpegbe si le kɔkɔe; migawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o.
19
Misa nuɖuɖuvɔ si nye numemevɔsa nam. Nu siwo ŋudɔ miawɔ lae nye: Nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple alẽvi adrẽ siwo dometɔ ɖe sia ɖe axɔ ƒe ɖeka.
20
Mitsɔ wɔ memee kilo etɔ̃ si wodzaba kple ami la wɔ nuɖuɖuvɔsa kpe ɖe nyitsuawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Wɔ memee kilo eve nakpe ɖe agbo ɖeka ŋu,
21
eye wɔ memee kilo ɖeka nakpe ɖe alẽviawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
22
Mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe be wòalé avu na dukɔ la.
23
Misa vɔ sia kpe ɖe numemevɔ si miesana gbe sia gbe ŋdi la ŋu.
24
Hekpe ɖe numemevɔsa kple nunonovɔsa si miesana gbe sia gbe ŋu la, aleae miasa vɔe gbe sia gbe ŋkeke adrẽ sɔŋ. Nuɖuɖuvɔsa kple numemevɔsa siawo dzea ŋunye elabe woʋẽna ɖem lílili.
25
Le ŋkeke adrẽa gbe la, mikpe ta miasubɔ Mawu, eye migawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o.
26
“Le Nuŋeŋkeke Nyui ɖuɣi ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, mitsɔ bli yeye va sa vɔ nam. Gbe ma gbe nanye takpegbe tɔxɛ na mi, eye migawɔ dɔ aɖeke o.
27
Mitsɔ nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adrẽ siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒè ɖeka la sa numemevɔ nam. Vɔsa siawo dzea Aƒetɔ ŋu elabe woʋẽna ɖee lílili.
28
Mitsɔ wɔ memee kilo etɔ̃ si wodzaba kple ami wɔ nuɖuɖuvɔsa kpe ɖe nyitsuawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, kilo eve nakpe ɖe agbo ɖeka ŋu,
29
eye kilo ɖeka nakpe ɖe alẽviawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
30
Emegbe woatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔ atsɔ alé avu na dukɔ lae.
31
Hekpe ɖe numemevɔsa kple eƒe nuɖuɖuvɔsa si miewɔna edziedzi ŋu la, ele be miana nu siawo kple nunonovɔsa. Mikpɔ egbɔ be lãawo sɔ keŋkeŋ; ɖeke meganye lã nuwɔe o.
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 29 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36