bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 8
Numbers 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 9 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
“Gblɔ na Aron be ne eda akaɖi adrẽawo ɖe akaɖitia dzi la, neda wo ɖi ale be woaklẽ ayi ŋgɔ.”
3
Ale Aron wɔ ɖe nya la dzi eye wòda akaɖiawo ɖe atia dzi le ŋgɔgbe lɔƒo.
4
Wotsɔ sika tu akaɖiti blibo lae tso etame va se ɖe egɔme abe ale si Aƒetɔ fia Mose be newɔe ene.
5
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
6
“Ɖe Levitɔwo le Israelviwo dome, eye nàkɔ wo ŋu
7
ale: Wu tsi si ɖea nuvɔ̃ ɖa le ame ŋu la ɖe wo ŋu, eye nàna woalũ fu le ŋuti katã, emegbe woanya woƒe awuwo. Ne wowɔ esia la, wo ŋuti akɔ.
8
Azɔ nà woatsɔ nyitsuvi ɖeka kple wɔ memee si wodzaba kple ami akpe ɖe eŋu ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae. Wò ŋutɔ nàtsɔ nyitsuvi ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae.
9
Emegbe nàƒo Israelviwo ƒe ha blibo la nu ƒu, eye nàna Levitɔwo nava tsi tsitre ɖe nye agbadɔ la ŋgɔ.
10
Na Israelviwo natsɔ woƒe asiwo ada ɖe Levitɔwo dzi,
11
eye Aron anyè asi akɔ̀ Levitɔwo ŋu nam abe Israelviwo ƒe nunana ene bene woanɔ subɔsubɔdɔ wɔm nam.
12
Azɔ na Levitɔwo natsɔ woƒe asiwo aɖo nyitsuawo ƒe tame; tsɔ ɖeka sa nuvɔ̃vɔe, eye nàtsɔ evelia sa numemevɔ nam be nalé avu na Levitɔwo.
13
Kɔ̀ Levitɔwo ŋu be woanye nunana tɔxɛ nam, eye nàna Aron kple via ŋutsuwo nanɔ wo nu.”
14
“Ɖe Levitɔwo le Israelviwo dome alea be woanye tɔnye.
15
Ne èkɔ Levitɔwo ŋu alea eye nètsɔ wo nam vɔ la, ekema woava wɔ subɔsubɔdɔ le nye agbadɔ la me.
16
Nye ŋutɔe xɔ wo ɖe Israelviwo ƒe ŋgɔgbevi siwo ʋu dɔ nu na wo nɔwo la teƒe, eye wova zu tɔnye blibo.
17
Gbe si gbe mewu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã la, mekɔ Israelviwo katã ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu hekpe ɖe lã ɖe sia ɖe ƒe ŋgɔgbevi gɔ̃ hã ŋu na ɖokuinye.
18
Azɔ la, mexɔ Levitɔwo ɖe Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe.
19
Meɖe Levitɔwo abe Israelviwo ƒe nunana ene tsɔ na Aron kple via ŋutsuwo, bene woanɔ subɔsubɔdɔ wɔm le agbadɔ la me ɖe Israelviwo nu, ale be ne Israelviwo te ɖe kɔkɔeƒe la ŋu la, woawoe alé avu na Israelviwo be dɔléle vɔ̃ɖi aɖeke nagaɖo wo dome o.”
20
Ale Mose, Aron kple Israelviwo ƒe ha blibo la kɔ Levitɔwo ŋu abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose be woawɔ ene.
21
Levitɔwo ɖe nuvɔ̃ ɖa le wo ɖokui ŋu, nya woƒe awuwo, eye Aron kɔ wo ŋu wozu nunana tɔxɛ na Aƒetɔ. Aron wɔ avuléle kɔnu la hã na wo tsɔ kɔ wo ŋutii.
22
Emegbe Levitɔwo yi agbadɔ la me, eye Aron kple via ŋutsuwo kpɔ wo dzi wowɔ subɔsubɔdɔ le afi ma. Ameawo wɔ nu sia nu pɛpɛpɛ abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose be wòana woawɔe ene.
23
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
24
“Nu si wòle be Levitɔwo nawɔ lae nye be ne wo dometɔ aɖe xɔ ƒe bla eve vɔ atɔ̃ alo wu nenema la, ava wɔ subɔsubɔdɔ le nye agbadɔ la me.
25
Ke ne eva xɔ ƒe bla atɔ̃ la, ele be wòado le dɔa me.
26
Ema megbe ate ŋu akpe ɖe etɔwo ŋu awɔ subɔsubɔdɔ le agbadɔa me faa, ke magawɔ dɔ aɖeke le eɖokui si o. Aleae wòle be nàna Levitɔwo nawɔ woƒe dɔdeasiwoe.”
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36