bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 6
Numbers 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 7 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
“Gblɔ na Israelviwo be: ‘Ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe ɖe adzɔgbe hekɔ eɖokui ŋu na Aƒetɔ be yeazu Mawu ƒe Klu la,
3
ele be wòatsri wain alo aha sesẽ ɖe sia ɖe. Mano waintsetse me tsi alo anyi waintsetse alo aɖu waintsetse ƒuƒu hã o.
4
Tso gbe si gbe wònyakɔ eɖokui ŋu hezu Mawu ƒe Klu ko la, maɖu naneke si wotsɔ waintsetse wɔ la o: Eƒe ku wòɖanye o, tsroa wòɖanye o, maɖu ɖeke o.
5
“Ɣeyiɣi si me wònye Mawu ƒe Klu la, ezu ame kɔkɔe na Aƒetɔ eya ta talũhɛ maka ta nɛ le ɣeyiɣi mawo katã me o, ke boŋ ele nɛ be wòagblẽ eƒe taɖa ɖi wòato asa ɖe eme.
6
“Le ŋkeke siwo katã me wòkɔ eɖokui ŋu na Aƒetɔ la, mele be wòate ɖe ame kuku ŋu o.
7
Ne tɔ́a alo nɔa, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu ku la, mele be wòagblẽ kɔ ɖo na eɖokui o, elabe eɖokui ŋu kɔkɔ na Mawu ƒe dzesi le ta nɛ.
8
Ŋkeke siwo katã wònye Mawu ƒe Klu la, ezu ame si ŋu kɔ na Aƒetɔ.
9
“Ke ne ame aɖe ku kpata le egbɔ la, amea gblẽ kɔ ɖo na eƒe ɖa la. Anɔ anyi ŋkeke adrẽ, eye le gbe ma gbe la alũ ta, ekema eŋu gakɔ.
10
Le ŋkeke enyia gbe la, atsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve vɛ na nunɔla le godoƒegbadɔ la nu.
11
Nunɔla la natsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, eye wòatsɔ evelia asa numemevɔe. Esia anye ŋutikɔkɔ kɔnu si wòawɔ nɛ elabe ete ɖe ame kuku ŋu hegblẽ kɔ ɖo. Agbugbɔ eƒe taɖa hã ŋu agakɔ gbe ma gbe ke.
12
Azɔ la, Mawu ƒe Klu la agbugbɔ adzɔgbe aɖe na Aƒetɔ hena ɣeyiɣi bubu elabe ɣeyiɣi si va yi la ŋu mekɔ o, esi wògblẽ kɔ ɖo na eɖokui ta. Ale ana alẽvi si xɔ ƒe ɖeka woatsɔ asa fɔɖivɔe nɛ.”
13
Mawu ƒe Klu ƒe se nye esi: “Ne ŋkeke siwo wòkɔ eɖokui ŋu la de la, woakplɔe ava godoƒegbadɔ la nu,
14
eye wòatsɔ lã etɔ̃ siwo naneke mewɔ afi aɖeke na o la ava na Aƒetɔ: alẽvi si xɔ ƒe ɖeka woawɔ numemevɔsae, alẽnɔ si xɔ ƒe ɖeka woawɔ nuvɔ̃vɔsae kple agbo ɖeka woawɔ ŋutifafavɔsae.
15
Azɔ la, atsɔ kusi si me abolo ƒomevi siawo le la hã ɖe asi: abolo maʋamaʋã, wɔ memee bolo, abolo si wode amii kple abolo maʋamaʋã si dzi wokɔ ami ɖo. Emegbe atsɔ nu siwo woawɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa hã akpe ɖe wo ŋu.
16
Nunɔla atsɔ nu siawo ava Aƒetɔ gbɔe, eye wòasa nuvɔ̃vɔ kple numemevɔ nɛ.
17
Atsɔ agbo la kple kusimenuawo asa ŋutifafavɔ na Aƒetɔ. Eyome nunɔla la asa nuɖuɖuvɔ kple nunonovɔ nɛ.
18
Azɔ la, Mawu ƒe Klu la alũ ta le godoƒegbadɔ la nu, eye wòatsɔ taɖa la ade dzo si dzi wole ŋutifafavɔsa wɔm le la me.
19
Ne woɖa agboa ƒe abɔ la, nunɔla la natsɔ wɔ memee bolo ɖeka kple abolo si wode amii la ɖeka le kusia me ade asi na Klu la.
20
Esia yome nunɔla la anyè nuawo atsɔ na Aƒetɔ. Nunana kɔkɔe wonye na nunɔla la hekpe ɖe agboa ƒe akɔ kple ata siwo nye etɔ la ŋu. Ne wowɔ kɔnu sia vɔ la, Mawu ƒe Klu la kpɔ mɔ ano wain.
21
“Mawu ƒe Kluwo ƒe sewo nye esiawo le nu si wòle be woana Aƒetɔ le ale si woɖe adzɔgbe nɛ la nu. Evɔ ne adzɔgbeɖela ŋutɔ do nu bubu aɖe ŋugbe be yeana akpe esi le sea me la, ele nɛ be wòana wo pɛpɛpɛ le eƒe adzɔgbeɖeɖe la nu.
22
Aƒetɔ gblɔ na Mose be
23
wòagblɔ na Aron kple via ŋutsuawo be: “Ne miele Israelviwo yra ge la, migblɔ na wo be:
24
“Aƒetɔ neyra mi ne wòakpɔ mia dzi!
25
Aƒetɔ nekɔ ŋkume ɖe mi ne wòave mia nu!
26
Aƒetɔ netrɔ mo ɖe mia gbɔ ne wòana ŋutifafa mi!
27
“Ne woyɔ nye ŋkɔ tɔ ɖe Israelviwo ŋu alea la, mayra wo.”
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36