bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 24
Numbers 24
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 25 →
1
Azɔ Bileam kpɔ be edze Aƒetɔ ŋu be wòayra Israel, eya ta megayi be yeaɖabia nu ta se abe tsã ene o. Ke boŋ etrɔ mo ɖe kegbegbe la,
2
eye esi wòfɔ kɔ dzi la, ekpɔ ale si Israelviwo ƒe to vovovoawo ƒu asaɖa anyi wotɔxɛwotɔxɛe. Tete Mawu ƒe gbɔgbɔ va Bileam dzi,
3
eye wògblɔ nya si le esi la ɖi be: “Bileam, Beor vi, ame si ƒe ŋkuwo woʋu, wòle nu kpɔm nyuie la ƒe numegbee nye esi:
4
Ame si sea Mawu ƒe nyawo, eye wòkpɔa nu si Ŋusẽkatãtɔ la ɖena fianɛ; ame si tsyɔa mo anyi gake eƒe ŋkuwo nɔa te ɖi la ƒe gbedeasie nye esi:
5
Yakob, wò agbadɔwo nyakpɔ loo! Israel, wò nɔƒewo nyo ŋutɔ!
6
Wole abe tɔʋu si mlo ɖe nu mii le bali me heyi ene. Woɖi abɔ le tɔsisi to. Wole abe aloeti siwo Aƒetɔ do ene, eye woɖi sedertiwo le tɔ to.
7
Tsi adza fũu ɖe eƒe anyigba dzi, eye wòaƒã nu ɖe tɔ geɖewo to. Eƒe fia axɔ ŋkɔ wu Agag, eye eƒe fiaɖuƒe akeke ɖe nu.
8
Mawu kplɔ wo tso Egipte, eye wòle na wo abe tò ƒe dzo ene. Aɖu dukɔ siwo nye eƒe futɔwo dzi, agbã woƒe ƒuwo, eye wòatsɔ woƒe aŋutrɔwo aƒo ɖe wo.
9
Dukɔ la le abe dzata si tsyɔ akɔ anyi dɔ alɔ̃ ene. Ame ka le enyɔ ge wòatso? Ame sia ame si yra wò la, Mawu ayrae. Ame sia ame si ƒo fi de wò la, Mawu aƒo fi ade eya hã.”
10
Tete Balak do dɔmedzoe ɖe Bileam ŋu, si akpe sesĩe gblɔ na Bileam be: “Meyɔ wò vɛ be nàƒo fi ade nye futɔwo nam, ke ɖeko nètsɔ wo yra boŋ zigbɔzi etɔ̃ sɔŋ!
11
Azɔ netsɔ na wò! Yi mia de! Ɖe medi be made bubu ŋuwò hafi, gake Aƒetɔ na mègale ekpɔ ge o.”
12
Bileam ɖo eŋu be: “Megblɔ na ame siwo nèɖo ɖe gbɔnye la be:
13
‘Nenye be klosalo kple sika ayɔ wò fiasã taŋ nàtsɔ nam hã la, nyemawɔ naneke le ɖokuinye si o. Nya si Aƒetɔ be magblɔ ko magblɔ.’
14
Bileam gblɔ na Balak be: Kpɔ ɖa, azɔ la, mele tɔtrɔ ge ayi mía detɔwo gbɔ, gake hafi madzo la, medi be magblɔ nu si Israelviwo le wò dukɔ wɔ ge le ɣeyiɣi si gbɔna me la na wò.”
15
Tete Bileam gblɔ nya si le esi la ɖi be: “Bileam, Beor vi, ame si ƒe ŋkuwo woʋu, wòle nu kpɔm nyuie la ƒe numegbee nye esi:
16
Ame si sea Mawu ƒe nyawo, eye wòdzea si Dziƒoʋĩtɔ ƒe susuwo; ame si Ŋusẽkatãtɔ la ɖea nu fiana, etsyɔ mo anyi gake eƒe ŋkuwo le te ɖi la ƒe gbedeasie nye esi:
17
Mele nu si le dzɔdzɔ ge la kpɔm ɖa; ke madzɔ fifia o. Mele Israel-dukɔa kpɔm ɖa, ke egbɔ metsɔ o. Ɣletivi ado tso Yakob ƒeme, eye fiatikplɔ ado tso Israel me. Awu Moab-megãwo, eye wòatsrɔ̃ Set ƒe amewo keŋ.
18
Axɔ Edom ƒe anyigba. Axɔ eƒe futɔ Seir hã tɔ; Ke Israel ya anɔ dzi ɖum kalẽtɔe.
19
Ame atso Yakob ƒe dzidzime aɖu dzi, eye wòatsrɔ̃ ame siwo tsi agbe le duwo me la keŋ.”
20
Azɔ Bileam kpɔ Amalekitɔwo le ŋutega la me, eye wògblɔ nya ɖi le wo ŋu be: “Amalek ye nye gbãtɔ le dukɔwo dome; ke ava tsrɔ̃ godoo!”
21
Ekpɔ Kenitɔwo hã le ŋutega la me, eye wògblɔ nya ɖi le wo ŋu be: “Afi si nèwɔ nɔƒe ɖo la sesẽ, eye wòle abe atɔ le agakpe tame ene.
22
Ke woatsrɔ̃ wò Kain; esusɔ vie Asur naɖe aboyo wò.”
23
Bileam gagblɔ nya ɖi be: “Aléle! Ame ka atsi agbe ne Mawu wɔ nu sia?
24
Amewo anɔ tɔdziʋuwo me atso Kitim ava, eye woabɔbɔ Asur kple Eber ɖe anyi. Ke woaɖu woawo hã dzi atsrɔ̃ wo gbidii.”
25
Esia megbe la, Bileam gbugbɔ va wo de, eye Balak hã dzo.
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 25 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36