bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 34
Numbers 34
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 33
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 35 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
“Gblɔ na Israelviwo be: “Ne mieɖo Kanaan-nyigba, si tsɔm mele na mi be nenye mia tɔ dzi la, eƒe liƒowo anye esiwo gbɔna:
3
Miaƒe anyigbemeliƒo natso Zin-gbedadaƒo amlo ato Edom ŋu. Adze egɔme tso Ƒukuku la ƒe mlɔenu le ɣedzeƒe gome, eye
4
wòaɖo ta Akrabim-todzimɔ ƒe anyigbeme gome. Ato Zin ŋu ayi ɖe Kades Barnea ƒe anyigbeme lɔƒo, eye wòaɖo ta Xazar-Adar ava ke ɖe Azmon.
5
Liƒo la anyè kpo tso Azmon afii ayi ɖe Egipte-tɔʋu la ŋu, eye wòava wu nu ɖe Domeƒu nu.”
6
“Miaƒe ɣetoɖoƒeliƒo nanye Domeƒu la.
7
“Miaƒe dzigbemeliƒo la natso Domeƒu la nu, eye wòato Hor-to la ŋu.
8
Atso le Hor-to la gbɔ aɖo ta Xamat, eye wòava do ɖe Zedad.
9
Liƒo la nato Zifron ava wu nu ɖe Xazar-Enan. Miaƒe dzigbemeliƒo la nanye esi.
10
“Miaƒe ɣedzeƒeliƒo la natso Xazar-Enan ayi Sefam,
11
ato Ribla le Ain ƒe ɣedzeƒe gome, eye wòazɔ Kineret-ƒu ƒe ɣedzeƒekpa ŋu.
12
Nezɔ Yordan ŋu, eye wòava wu nu ɖe Ƒukuku la nu. “Liƒo siawo naƒo xlã miaƒe anyigba la.”
13
Ale Mose gblɔ na Israelviwo be: “Esiae nye anyigba si Aƒetɔ gblɔ be woatsɔ na to asieke kple afã. Ɖe woadzidze nu ɖe edzi hafi amae na mi.
14
Ruben viwo ƒe to kple Gad viwo hã tɔ kpakple Manase ƒe to afã xɔ woƒe anyigba xoxo ɖe woƒe aƒekɔwo nu.
15
Woxɔ anyigba le Yordan ƒe go kemɛ dzi le Yerixo kasa.”
16
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
17
“Nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, nama anyigba la na dukɔ la.
18
Azɔ, tia tatɔ ɖekaɖeka tso toawo dometɔ ɖe sia ɖe me ne woakpe ɖe wo ŋu amae.”
19
Ŋutsuawo ŋkɔwo nye: Kaleb, Yefune vi, tso Yuda-to la me;
20
Semuel, Amihud vi, tso Simeon-to la me;
21
Elidad, Kislon vi, tso Benyamin-to la me;
22
kplɔla Buki, Yogli vi, tso Dan-to la me;
23
Yosef viŋutsuwo tɔwo nye: kplɔla Xaniel, Efod vi, tso Manase viŋutsuwo ƒe to la me;
24
kple kplɔla Kemuel, Siftan vi, tso Efrayim viŋutsuwo ƒe to la me.
25
Kplɔla Elizafan, Parnax vi, tso Zebulon viŋutsuwo ƒe to la me;
26
kplɔla Paltiel, Asan vi, tso Isaxar viwo ƒe to la me;
27
kplɔla Axihud, Selemi vi, tso Aser viŋutsuwo ƒe to la me;
28
kple kplɔla Pehadel, Amihud vi, tso Naftali viŋutsuwo ƒe to la me.
29
Ame siawoe Aƒetɔ ɖo be woama anyigba la na Israelviwo le Kanaan-nyigba dzi.
← Chapter 33
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 35 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36