bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 25
Numbers 25
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 26 →
1
Esi Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sitim la, woƒe ŋutsuwo de asi gbolowɔwɔ me kple Moab-nyɔnu siwo le afi ma.
2
Nyɔnu siawo kpea wo yia woƒe mawuwo ƒe vɔsaƒe, eye woɖua nu hesubɔa mawuawo.
3
Ale Israelviwo ƒe susu tsi Baal, Peortɔwo ƒe mawu la ŋu eya ta Aƒetɔ do dɔmedzoe ɖe wo ŋu,
4
eye wògblɔ na Mose be: “Yɔ dukɔ la ƒe amegãwo katã ƒo ƒu ɖe ŋkunye me, eye nàde ka ve na wo ɖe ŋdɔgbe eye Aƒetɔ nadzudzɔ dzikudodo ɖe Israel ŋu.”
5
Tete Mose gblɔ na dukplɔlaawo be: “Mia dome ame sia ame newu ŋutsu siwo le ete la dometɔ ɖe sia ɖe si zu Peortɔwo ƒe Baal subɔla la.”
6
Esime amewo nɔ avi fam le godoƒegbadɔ la nu la, ɖeko Israel-ŋutsu aɖe kplɔ Midian-nyɔnu aɖe, le Mose kple Israelviwo ƒe ha blibo la ŋkume alea ko va yi ɖe eƒe agbadɔ me.
7
Esi Pinehas, nunɔla Eleazar viŋutsu si nye Aron tɔgbuiyɔvi kpɔe la, etsi tsitre dzo le ha la dome. Eyi ɖatsɔ akplɔ, eye
8
wòti ŋutsua yome yi ɖe eƒe xɔgãme, eye wòtu akplɔa eya kple nyɔnua siaa dzi, wòto wo kple evea ƒe dɔ me do. Tete dɔ vɔ̃ si le Israelviwo wum la nu tso.
9
Gake hã, ewu ame akpe bla eve vɔ ene va yi xoxo.
10
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
11
“Ame si na dɔmedzoe si medo ɖe Israelviwo ŋu la nu fa lae nye Pinehas. Eyae ʋã ŋu ɖe nunye le wo dome ale be nyemeʋã ŋu tsrɔ̃ Israelviwo le dɔmedzoe me o.
12
Eya ta gblɔ nɛ be mele nu blam kplii. Nubabla sia ana ŋutifafa nanɔ nye kple woawo dome tegbee.
13
Eya kple eƒe dzidzimeviwo anye nunɔlawo tegbee elabe eʋã ŋu ɖe nunye, eye to esia me wòlé avum, ale be metsɔ Israelviwo ƒe nuvɔ̃wo ke wo.”
14
Israel-ŋutsu si wowu kple Midian-nyɔnua ŋkɔe nye Simri. Enye amegã Salu si nye Simeon ƒome ƒe tatɔ la vi.
15
Midian-nyɔnua ŋkɔe nye Kosbi. Enye amegã Zur, ame si nye Midiantɔwo ƒe ƒometatɔ ɖeka la ƒe vinyɔnu.
16
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
17
“Miɖe fu na Midiantɔwo, eye miwu wo keŋ,
18
elabe woawo hã ɖe fu na mi vevie. Wowɔ aye flu mi le Peor, eye wotre mɔ̀ na mi kple wo denyɔnu Kosbi, ame si wowu gbe si gbe dɔ vɔ̃ ɖo mia dome le Peor.”
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 26 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36