bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 32
Numbers 32
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 31
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 33 →
1
Lãha geɖe le Ruben viwo kple Gad viwo si. Esi wokpɔ be anyigba si le Yazer kple Gilead nyo na lãnyinyi la,
2
woyi Mose kple nunɔla Eleazar kpakple ha la ƒe amegãwo gbɔ, eye wogblɔ na wo be:
3
“Atarot, Dibon, Yazer, Nimra, Xesbon, Eleale, Sebam, Nebo kple Beon,
4
anyigba siwo Aƒetɔ xɔ le Israel ŋkume la nyo na lãnyinyi, eye lãwo le wò dɔlawo si.”
5
Eya ta míeɖe kuku, mitsɔ anyigba sia na mí, wòazu mía tɔ, ne míawo míatsi afii, eye míatso Yordan aɖanɔ egodo o.”
6
Mose ɖo eŋu na wo be: “Nu ka! Ɖe miedi be miawo miatsi afii, ne mia nɔviwo ya nayi aɖanɔ aʋa wɔma?
7
Nu ka ta miedi be yewoaɖe dzi le Israelviwo ƒo, be womagayi tɔa godo aɖanɔ anyigba si Aƒetɔ na wo la dzi o?
8
Alea tututu mia tɔ́wo wɔ, esi medɔ wo le Kades-Barnea be woayi ɖatsa ŋku le anyigba la dzi.
9
Amedɔdɔawo zɔ ʋuu va ɖo Eskol Bali me, eye wokpɔ anyigba la. Esi wotrɔ gbɔ la, woɖe dzi le Israelviwo ƒo be womegayi anyigba si Aƒetɔ na wo la dzi o.
10
Eya ta Aƒetɔ do dɔmedzoe gbe ma gbe ka atam be:
11
‘Ne mi ŋutsu siwo xɔ ƒe bla eve heyi, esime mieʋu tso Egipte-nyigba dzi la miaɖo afɔ anyigba si ŋu meka atam ɖo be mana Abraham, Isak kple Yakob fĩi! Nu ka tae? Elabe miaƒe dzi meku ɖe ŋunye blibo o.’
12
Ame sia ame le eme, negbe Kaleb, Yefune vi, si tso Kenes kple Yosua, Nun vi ko. Ame siawo ko ƒe dzie ku ɖe Aƒetɔ ŋu blibo.
13
Aƒetɔ do dɔmedzoe ɖe Israel-dukɔ la ŋu elabe wowɔ nuvɔ̃ eya ta wòna wotsa le gbedadaƒo ƒe bla ene sɔŋ va se ɖe esime dzidzime ma katã tsrɔ̃ vɔ keŋ.
14
Azɔ mi nuvɔ̃wɔlawo ƒe dzidzime yeye, xɔxɔm miele ɖe mia tɔ́wo teƒe be miana Aƒetɔ nagado dziku ɖe Israel ŋu wu tsã?
15
Ne mi, Ruben kple Gad viwo, mietrɔ le eyome la, Aƒetɔ agaɖe nu le ame gbogbo siawo ƒe nya me le gbedadaƒo. Ne esia va eme la, eme nekɔ na mi be yewoe na ameawo tsrɔ̃.”
16
Tete wote ɖe Mose ŋu gblɔ nɛ be: “Fifia la, na míatɔ abɔ na míaƒe lãwo ɖe afii, eye míatso du sesẽ na mía viwo hã ɖe afii.
17
Emegbe míawo ŋutɔ míabla akpa adze ŋgɔ na dukɔ la va se ɖe esime míakplɔ wo aɖo wo teƒe. Ke mía viwo ya anɔ megbe le du sesẽawo me be anyigba la dzi nɔlawo nagawɔ nu vevi wo o.
18
Míatrɔ agbɔ va mía nɔƒewo o, negbe Israelviwo dome ame sia ame ɖe wòxɔ anyigba si nye etɔ gome.
19
Míawo míegale anyigba aɖeke xɔ ge ɖe wo dome le Yordan godo o, elabe míexɔ anyigba xoxo ɖe afii le Yordan ɣedzeƒe gome.”
20
Mose ɖo eŋu na wo be: “Nenye aleae nye miaƒe susu la, ekema mibla akpa le Aƒetɔ ŋkume be miayi aɖawɔ aʋa.
21
Mina mia dome aʋawɔlawo katã nabla akpa atso Yordan-tɔsisi la, eye Aƒetɔ adze ŋgɔ na wo va se ɖe esime wòɖu miaƒe futɔwo dzi,
22
eye wòaxɔ anyigba la. Emegbe miatrɔ agbɔ, eye Aƒetɔ magabu fɔ mi o, elabe miewɔ nu si wòle be miawɔ na eya kple mia nɔvi Israelvi bubuawo siaa. Ale Aƒetɔ ana anyigba sia azu mia tɔ.
23
Ke ne miewɔ miaƒe ŋugbedodoa dzi o la, miewɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu, eye wòahe to na mi le eta.
24
Eya ta mitso duwo na mia viwo, eye mitɔ abɔ na miaƒe lãwo, ke miwɔ nya si miawo ŋutɔ mieke nu gblɔ la dzi.”
25
Gad viwo kple Ruben viwo gblɔ na Mose be: “Amegã, míawɔ nu si nègblɔ na mi la.
26
Míana mía viwo, mía srɔ̃wo, míaƒe alẽhawo kple nyihawo katã atsi Gilead-duwo me.
27
Ke mí ame mamlɛawo katã míabla akpa le Aƒetɔ ƒe kpɔkplɔ te ayi aʋa le tɔa godo le wò gbeɖeɖe nu.”
28
Ale Mose ɖe gbe na nunɔla Eleazar, Yosua kple Israel-toawo ƒe amegãwo be:
29
“Ne Gad viwo kple Ruben viwo katã bla akpa le Aƒetɔ ƒe kpɔkplɔ te yi aʋa kpli mi le Yordan godo, eye mieɖu dzi la, mitsɔ Gilead-nyigba na wo, wòazu wo tɔ.
30
Evɔ ne womebla akpa yi tɔa godo kpli mi ɖakpe ɖe mia ŋu le aʋa me o la, ekema wonexɔ anyigba ɖe mia dome le Kanaan-nyigba dzi.”
31
Tete Gad viwo kple Ruben viwo ɖo eŋu be: “Míawɔ nu si Aƒetɔ gblɔ na eƒe dɔlawo la pɛpɛpɛ.
32
Míabla akpa le Aƒetɔ ƒe kpɔkplɔ te ayi Kanaan-nyigba dzi aɖawɔ aʋa be anyigba si su mía si le Yordan ƒe ɣedzeƒe afii la natsi mía si.”
33
Ale Mose tsɔ Sixon, Amori-fia kple Og, Basan-fia ƒe dziɖuƒewo kple du siwo le nutoawo me la katã na Gad viwo kple Ruben viwo kpakple Manase, Yosef vi ƒe to afã.
34
Du sesẽ siwo Gad viwo tso la woe nye: Dibon, Atarot, Aroer,
35
Aterot-Sofan, Yazer, Yogbeha,
36
Bet-Nimra kple Bet-Xaran. Wotɔ alẽkpɔwo ɖe du siawo ŋu.
37
Du siwo Ruben viwo tso la woe nye: Xesbon, Eleale, Kiryataim
38
Nebo, Baal-Meon kple Sibma. Wotsɔ ŋkɔ yeyewo na du siwo wotso la.
39
Manase vi, Maxir viwo yi ɖaxɔ Gilead, eye wonyà Amoritɔ siwo le eme la wodzo.
40
Ale Mose tsɔ Gilead na Manase vi, Maxir dzidzimeviwo.
41
Yair, Manase vi, yi ɖaxɔ woƒe kɔƒe aɖewo, eye wòna ŋkɔ wo be “Yair ƒe kɔƒewo.”
42
Nobax yi ɖaxɔ Kenat kple eŋu kɔƒewo, eye wòtsɔ eƒe ŋkɔ nɛ be Nobax.
← Chapter 31
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 33 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36