bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 14
Numbers 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 15 →
1
Le zã ma me katã la, dukɔ la nɔ ɣli kple avi ko dzi hoo.
2
Israelviwo katã lĩ liʋiliʋĩ le Mose kple Aron ŋu be: “Oo, ɖe míeku ɖe Egipte-nyigba dzi boŋ alo ɖe gbedadaƒo afii la, ne enyo na mí wu!
3
Nu ka ta gɔ̃ Aƒetɔ kplɔ mí va anyigba sia dzi ne míatsi aʋa? Woakplɔ mía srɔ̃wo kple mía viwo ayi aboyome. Ne míagbugbɔ ayi Egipte la, ɖe manyo na mí wu oa?”
4
Ale wogblɔ na wo nɔewo be: “Mina míaɖo kplɔla na mía ɖokui, ne míagbugbɔ ayi Egipte!”
5
Tete Mose kple Aron tsyɔ mo anyi ɖe Israelviwo katã ŋkume.
6
Ke Yosua, Nun vi kple Kaleb, Yefune vi, ame siwo hã nɔ ŋkutsalaawo dome la dze woƒe awuwo,
7
eye wogblɔ na ha blibo la be: “Anyigba si dzi míede ɖatsa ŋku la nyo ŋutɔŋutɔ.
8
Ne míaƒe nu dze Aƒetɔ ŋu ko la, akplɔ mí ayi afi mae, eye wòatsɔ anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo na mí.
9
Migadze aglã ɖe Aƒetɔ ŋu o, eye migavɔ̃ ame siwo le afi ma la o. Míele wo dzi ɖu ge bɔbɔe. Aƒetɔ le mía dzi, eye wòɖu mawu siwo kpɔa wo ta la dzi xoxo, eya ta migavɔ̃ o.”
10
Ke ha blibo la di be yewoaƒu kpe wo. Tete wokpɔ Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe wòdo ɖe godoƒegbadɔ la tame.
11
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Ɣe ka ɣi gɔ̃ dukɔ sia ado vlom ase ɖo? Ɣe ka ɣi woagbe dzinye xɔxɔ ase ɖo? Evɔ wònye mewɔ dzesi geɖewo le wo dome wokpɔ hafi?
12
Eya ta mana dɔ vɔ̃ atsrɔ̃ wo, eye womanyi nye dome o, ke wò la, mana dukɔ gã aɖe si asẽ ŋu wu woawo la adzɔ tso mewò.”
13
Ke Mose gblɔ na Aƒetɔ be: “Èkplɔ dukɔ sia do go tso Egipte kple wò ŋusẽ. Ne Egiptetɔwo se nu si nèwɔ na wò dukɔ la,
14
woagblɔe na anyigba sia dzi tɔwo. Aƒetɔ, ame siawo see xoxo be èle mía dome elabe Aƒetɔ, wokpɔa wò ƒãa ne wò alilikpo tɔ ɖe mía tame. Wonya be wò Aƒetɔ, èzɔa mía ŋgɔ le alilikpo dodo me le ŋkeke me, eye le zã me la, èzɔa mía ŋgɔ le dzobibi me.
15
Azɔ ne ètsrɔ̃ dukɔ sia zi ɖeka vim abe ale si wowua ame ɖeka ene la, ekema dukɔ siwo se ŋkɔwò la agblɔ be
16
Aƒetɔ de dukɔ sia kplɔ ge ayi anyigba si ŋu eya ŋutɔ ka atam le na wo la dzi do kpoe, eya ta wòwu wo le gbedadaƒo ɖo.
17
Eya ta Aƒetɔ, ɖe wò ŋusẽ fia abe ale si nègblɔ ene be:
18
‘Nye Aƒetɔ, nyemedoa dziku kabakaba o, eye nye lɔlɔ̃ metrɔna gbeɖe o. Metsɔa ame ƒe vodada kple dzidada kena, evɔ la nyemegbea tohehe na ame o, elabe ne tɔ́wo wɔ nuvɔ̃ la, mehea to na wo viwo tso dzidzime etɔ̃lia dzi va se ɖe enelia dzi.’
19
Eya ta, Aƒetɔ, meɖe kuku na wò, xa ɖe wò lɔlɔ̃ si metrɔna gbeɖe o la ta, nàtsɔ dukɔ sia ƒe vodada ake, abe ale si nèle ewɔm tso Egipte ke ene.”
20
Tete Aƒetɔ ɖo eŋu be: “Matsɔe ake, abe ale si nèbia ene.
21
Gake le nyateƒe me, zi ale si mele agbe, eye nye ŋutikɔkɔe ayɔ xexeme bliboa la,
22
ŋutsu siawo dometɔ aɖeke made anyigba la dzi o. Wokpɔ nye ŋutikɔkɔe kple dzesi siwo mewɔ le Egipte kple gbedadaƒoa, gake wotem kpɔ zi nane, eye wogbe toɖoɖom.
23
Womade anyigba si ŋu meka atam le be mana wo tɔ́wo la dzi gbeɖe o. Wo dome ame siwo katã do vlom la made o.
24
Ke nye dɔla Kaleb ya ƒe nɔnɔme to vovo, eye wòdze yonyeme blibo eya ta makplɔ eya ayi anyigba si dzi wòde ɖatsa ŋku hegbɔ la dzi, eye wòazu eƒe dzidzimeviwo tɔ.
25
Azɔ esi Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo le balia me ta la, etsɔ la, miho gbugbɔ ɖo ta gbedadaƒo le Aƒlaƒua gbɔ.”
26
Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be:
27
“Ɣe ka ɣi gɔ̃ ha vɔ̃ɖi sia alĩ ŋunye ase ɖo? Mese Israelviwo ƒe liʋiliʋĩlilĩ le ŋunye.
28
Azɔ gblɔ na wo be, ‘Nye Aƒetɔ meta ɖokuinye be zi ale si mele agbe la, mawɔ nu si miegblɔ mese la na mi.
29
Miaku, eye miaƒe ŋutilã akaka atsi gbedadaƒo afii. Esi mielĩ ŋunye ta la, mia dometɔ siwo katã xɔ ƒe bla eve kple vɔ, eye woxlẽ wo la, made anyigba la dzi o.
30
Meka atam tsã be mana mianɔ anyigba ma dzi; ke mele egblɔm na mi azɔ be mia dometɔ aɖeke maɖo edzi o, negbe Kaleb kple Yosua ko.
31
Miegblɔ be wole yewo viwo lé ge ayi aboyo mee, ke woawoe makplɔ ayi anyigba si miedo vlo la dzi.
32
Ke miawo ya la, miaku, eye miaƒe ŋutilã aƒaƒã atsi gbedadaƒo le afii kokoko.
33
Mia viwo atsa le gbedadaƒo le afii abe alẽkplɔlawo ene ƒe bla ene, eye esi wònye womexɔ dzinye se o ta la, mana woakpe fu ɖe mia nu va se ɖe esime miaku avɔ le gbedadaƒo la.
34
Ŋkeke bla enee mietsɔ yi ɖatsa ŋku le anyigba la dzi. Mana miakpe fu ƒe bla ene ɖe nuvɔ̃ siwo miewɔ la nu, ƒe ɖeka nuvɔ̃ ɖeka, ne miadze sii be miaƒe nu megadze ŋunye o.
35
Aleae mawɔ ha vɔ̃ɖi sia si dze aglã ɖe ŋunye lae. Mebe mia dometɔ ɖe sia ɖe aku ɖe gbedadaƒo le afii kokoko. Nye Aƒetɔ lae gblɔe.”
36
Ŋutsu siwo Mose dɔ wode ɖatsa ŋku le anyigba la dzi gbɔ la na ameha la lĩ liʋiliʋĩ le eŋu, elabe wova gblɔ nya vɔ̃ tso anyigba la ŋu.
37
Ŋutsu siwo va gblɔ nya vɔ̃ la tso anyigba la ŋu la, ku tso dɔ vɔ̃ si me le Aƒetɔ ŋkume.
38
Yosua kple Kaleb koe tsi agbe le ame wui eve siwo de la dome.
39
Esi Mose gblɔ nya siawo na Israelviawo katã la, woxa nu ŋutɔ.
40
Ŋdi kanya la, wodze mɔ. Wolia to la hegblɔ be: “Míele ŋudzɔ azɔ be míayi teƒe si ŋugbe Aƒetɔ do na mí la, elabe míewɔ nuvɔ̃.”
41
Ke Mose gblɔ na wo be: “Nu ka ta miele Aƒetɔ ƒe se dzi dam azɔ? Madze edzi na mi o!
42
Migayi o. Miaƒe futɔwo aɖu mia dzi elabe Aƒetɔ mele mia dome o.
43
Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo le mia ŋgɔ, eye ne miekpe aʋa kpli wo la, woaɖu mia dzi. Esi mietrɔ le Aƒetɔ yome ta la, eya hã manɔ kpli mi o.”
44
Ke wodo dzi lia to la, togbɔ be Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la kple Mose meho kpli wo o hã.
45
Tete Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo siwo nye afi ma nɔlawo la va kpe aʋa kpli wo heɖu wo dzi, eye wonyà wo ɖe nu va se ɖe Xorma ke.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36