bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 35
Numbers 35
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 34
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 36 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose le Moab-gbegbe le Yordan nu le Yerixo kasa be:
2
“Gblɔ na Israelviwo be woana duwo Levitɔwo ɖe woƒe anyigba dzi, ne woanɔ wo me, eye woana lãnyiƒewo hã wo. Lãnyiƒeawo naƒo xlã duawo akpe ɖo.
3
Levi viawo nanɔ duawo me, eye woƒe nyihawo, aƒemelãwo kple lã bubuawo nanɔ lãnyiƒeawo.
4
Lãnyiƒeawo nadidi meta alafa ene bla atɔ̃ ayi ŋgɔgbe tso dugliawo gbɔ akpe ɖo,
5
ale be lãnyiƒe si le dua ƒe akpa eneawo ƒe didime kple kekeme nasɔ; woanye meta alafa asieke le goawo katã me, eye dua ŋutɔ nanɔ titina.
6
Mitsɔ sitsoƒedu ade siwo me hlɔ̃dola si meɖo wu ame o la, nasí ayi la na wo. Azɔ la, mitsɔ du bla ene vɔ eve kpe ɖe wo ŋu na wo.
7
Ale du siwo katã miatsɔ na Levitɔwo hekpe ɖe wo ŋu lãnyiƒewo ŋu nanye bla ene vɔ enyi.
8
Anyigba si to aɖe xɔ la ƒe lolome ŋue wòle be wòana duawo ɖo. To siwo ƒe anyigba lolo la, nana du geɖe, ke esiwo tɔ melolo o la, nana du ʋɛ aɖewo ko.”
9
Aƒetɔ gblɔ na Mose
10
be: Gblɔ na Israelviwo be: ‘Ne mietso Yordan-tɔsisi la ge ɖe Kanaan-nyigba dzi la,
11
mitia duwo ne woanye sitsoƒe na mi. Du siawo mee ame si meɖo wu ame o la lasí ayi.
12
Woanye sitsoƒe na mi le hlɔ̃bialawo ta. Hafi woawu hlɔ̃dola aɖe la, ele be woadrɔ̃ ʋɔnui le ameha la ŋkume.
13
Mitia sitsoƒedu ade.
14
Etɔ̃ nanɔ Yordan ƒe ɣedzeƒe gome, eye etɔ̃ nanɔ Kanaan-nyigba dzi.
15
Du ade siawo nanye sitsoƒe na Israelviwo, amedzrowo kple ame siwo le wo gbɔ la siaa. Ame si meɖo wu ame o la ate ŋu así ayi du siawo dometɔ aɖe me.”
16
Ke ne etsɔ lãnu aɖe dza ame aɖe wòku la, enye amewula; ele be woawui.
17
Ne etsɔ kpe si adze ame wòaku ƒui wòku la, enye amewula; ele be woawu amewula la.
18
Alo ne etsɔ kpo si adze ame wòaku la ƒoe wòku la, enye amewula; ele be woawu amewula la.
19
Ame si dze abia hlɔ̃ le ƒomea me la kpɔ mɔ abia hlɔ̃e. Ne edo goe le afi aɖe la, ekpɔ mɔ awui faa.
20
Ne ame aɖe lé fu ame aɖe, eye wòtutu ame si wòlé fui la ƒu anyi, alo xlã nu ɖee wòku
21
alo ƒoe kple kɔ wòku la, ewu ame, eya ta ele be woawu eya hã. Ame kukua ƒe ƒometɔ ɖe sia ɖe kpɔ mɔ abia hlɔ̃e. Ne edo goe le afi aɖe la, ekpɔ mɔ awui faa.”
22
“Mitsɔe be ame aɖe melé fu ame aɖe o, ko wòlɔe ƒu anyi, alo wòda nu wòva dzee, wòku.
23
Alo ame aɖe melé fu ame aɖe o alo ɖo vɔ̃ ɖe eŋu o, ko wòda kpe wòva dzee wòku, evɔ mekpɔ amea hafi o.
24
Ne eva eme alea la, ameha la nadrɔ̃ ʋɔnu le amewula la kple ƒometɔ si di be yeabia hlɔ̃ la dome ale:
25
Ha la naɖe amewula la tso ƒometɔ si di be yeabia hlɔ̃ la si me. Woana woakplɔe agbugbɔ yi sitsoƒedu si me wòsí yi la me, eye wòanɔ afi ma va se ɖe esime nunɔlagã si li hafi wòde la naku.
26
Ke nenye be amewula la do le sitsoƒedu si me wòsí yi ɖo la me,
27
eye ƒometɔ si di be yeabia hlɔ̃e do goe le afi aɖe hewui la, womabu ƒometɔ hlɔ̃biala sia amewulae o.
28
Ele be amewula la nanɔ sitsoƒedua me va se ɖe esime nunɔlagã la naku. Le nunɔlagã la ƒe ku megbe la, amewula la kpɔ mɔ agbugbɔ yi aƒe.
29
Mina miaƒe dzidzimeviwo nawɔ ɖoɖo siawo dzi le afi sia afi si miayi la.
30
“Ne wobe ame aɖe wu ame la, ɖasefo ɖeka nagaɖi ɖase le eŋu ko woabui fɔɖila, awui o. Ele be ɖasefoawo nade eve alo wu nenema godoo.
31
Ne ame aɖe wu ame la, ele be woawu eya hã. Megaxe ga aɖe ko woagblẽe ɖi o.
32
Ne amewula aɖe sí yi sitsoƒedu aɖe me la, migaɖe mɔ nɛ wòaxe ga ko atrɔ adzo ayi aƒe, esime nunɔlagãa meku haɖe o.
33
Amewuwu ɖe wògblẽa kɔ ɖo na anyigba, eya ta migagblẽ kɔ ɖo na anyigba si dzi miele la o. Naneke meli si wotsɔna léa avu anyigba ne ame aɖe wu ame le edzi o, negbe ɖe wowu amewula la hã, eƒe ʋu nakɔ ɖi.
34
Migagblẽ kɔ ɖo na anyigba si dzi miele la o, elabe nyee nye Aƒetɔ, eye mele mi Israelviwo dome.”
← Chapter 34
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 36 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36