bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 15
Numbers 15
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 16 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
“Gblɔ na Israelviwo be: Ne mieɖo anyigba si tsɔm mele na mi la dzi la, miwɔ ɖoɖo siawo dzi:
3
Miate ŋu atsɔ nyitsu, agbo, alẽ alo gbɔ̃ axe adzɔgbeɖefe alo ana faa le mia ɖokui si alo ana ne miele ŋkekenyui ɖum. Nenema ke miate ŋu atsɔ wo asa dzovɔ kple numemevɔ hãe. Lã siawo ƒe ʋeʋẽ lílilĩ dzea Aƒetɔ ŋu.
4
Ekema ame si na nua Aƒetɔ la natsɔ wɔ memee kilo ɖeka si wotsɔ ami lita ɖeka dzabae la awɔ nuɖuɖuvɔsae.
5
Nàtsɔ wain awɔ nunonovɔsa akpe ɖe numemevɔsa kple ŋutifafavɔsa la ŋu; wain lita ɖeka nanɔ alẽvi ɖeka ŋu.
6
Ne wotsɔ agbo va na la, woatsɔ wɔ memee kilo eve si wodzaba kple ami, lita ɖeka kple afã la, akpe ɖe eŋu awɔ nuɖuɖuvɔsae,
7
eye woatsɔ wain, lita ɖeka kple afã, hã akpe ɖe eŋu awɔ nunonovɔsae. Vɔsasa siawo ƒe ʋeʋẽ lílilĩ dzea Aƒetɔ ŋu.
8
Ke ne wotsɔ nyitsu vɛ be yewoatsɔ ame, alo axe adzɔgbeɖefe alo asa ŋutifafavɔ nam la,
9
woatsɔ wɔ memee kilo etɔ̃ si wodzaba kple ami, lita eve, la akpe ɖe eŋu,
10
eye woatsɔ wain, lita eve, hã akpe ɖe eŋu awɔ nunonovɔsae. Vɔsasa siawo ƒe ʋeʋẽ lílilĩ dzea Aƒetɔ ŋu.
11
“Nu siawoe wòle be woakpe ɖe nyitsu alo agbo alo alẽvi alo gbɔ̃vi ɖe sia ɖe ŋu.
12
Ne lã si wotsɔ sa vɔe la sɔ gbɔ la, ekema nu si wokpe ɖe eŋu la hã nasɔ gbɔ ɖe eŋu.”
13
Ne Israel dumevi aɖe sa dzovɔ la, ele be wòawɔe alea elabe ʋeʋẽ lílilĩ siae dzea Aƒetɔ ŋu.
14
Ne amedzro aɖe dze mia gbɔ, alo le mia dome koŋ, eye wòdi be yeasa dzovɔ ne wòaʋẽ lílilĩ adze Aƒetɔ ŋu la, eya hã newɔ abe ale si miewɔna ene.
15
Ɖoɖo ɖeka sia nanɔ vɔsasa ŋu na mi kple amedzro siaa tso azɔ heyi, elabe mia kple amedzrowo siaa miesɔ le Aƒetɔ ŋkume.
16
Se ɖeka kple ɖoɖo ɖeka nanɔ vɔsasa ŋu na mia kple amedzro si le mia gbɔ la siaa.”
17
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
18
“Gblɔ na Israelviwo be: Mele mia kplɔ ge aɖo anyigba si dzi mieyina la dzi.
19
Ne miekpɔ nuɖuɖu le afi ma ɖu la, miatsɔ ɖe ana adzɔ Aƒetɔ.
20
Ne mieƒo abolo la, mitsɔ gbãtɔ na be eya nanye adzɔ tso miaƒe lu si mieƒo la me.
21
Mia kple miaƒe dzidzimeviwo miatsɔ miaƒe wɔ gbãtɔwo ƒe ɖe ana adzɔ Aƒetɔ.
22
“Azɔ mitsɔe be ame aɖe da vo, eye mewɔ se siwo katã Aƒetɔ de na mi to Mose dzi la dzi o.
23
Gawu la, migatsɔe be le ɣeyiɣi si gbɔna me la, mia kple miaƒe dzidzimeviwo katã miewɔ se siwo katã Aƒetɔ de na mi to Mose dzi la dzi o.
24
Ne ha blibo lae da vo le numanyamanya me la, ekema ha blibo la nana nyitsui ɖeka be woatsɔ asa numemevɔ si ʋẽna ɖe Aƒetɔ lílilĩ la. Le ɖoɖoa nu la, woawɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa akpe ɖe eŋu. Gawu la, woana gbɔ̃tsu ɖeka be woatsɔ awɔ nuvɔ̃vɔsae.
25
Nunɔla nawɔ avuléle kɔnu na Israelviwo ƒe ha blibo la, eye woatsɔe ake wo, elabe ɖe woda voa le nu manyamanya me eya ta wona nu be woatsɔ asa dzovɔ kple nuvɔ̃vɔ na Aƒetɔ.
26
Woatsɔ vodada la ake Israelviwo ƒe ha blibo la kple amedzro siwo le wo dome la hã, elabe vodada la lɔ ame sia ame ɖe eme.
27
“Ke nenye ame ɖeka koe da voa le nu manyamanya me la, ekema ana gbɔ̃nɔ si xɔ ƒe ɖeka woatsɔ awɔ nuvɔ̃vɔsae.
28
Nunɔla nawɔ avuléle kɔnu na ame la le Aƒetɔ ŋkume ahalé avu nɛ, eye woatsɔ vodada la akee.
29
Se ɖeka nanɔ mi katã si na ame siwo katã da vo le numanyamanya me, Israel dumeviwo kple amedzro si le mia dome la siaa.
30
Ke ne ame aɖe ɖo tame koŋ wɔ nuvɔ̃, eɖanye dumevi alo amedzro o, ele be woaɖee ɖa elabe edo vlo Aƒetɔ.
31
Ame sia gbe Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ, eye wòda eƒe se dzi eya ta ele be woawui kokoko. Eya ŋutɔe na wowui; ame aɖeke meɖi fɔ le ewuwu me o.”
32
Esime Israelviwo nɔ gbedadaƒo la, wokpɔ ŋutsu aɖe si nɔ nake fɔm le dzudzɔgbe.
33
Ame siwo kpɔ ŋutsua la, kplɔe va Mose, Aron kple ha blibo la gbɔe.
34
Wolée, zi edzi da ɖi elabe womenya nu si tututu woawɔe o.
35
Tete Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Ele be woawu ŋutsu la; ha blibo la neƒu kpee le asaɖa la godo wòaku.”
36
Ale ha blibo la kplɔe yi ɖe asaɖa la godo, eye woƒu kpee wòku, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
37
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
38
“Gblɔ na Israelviwo be: ‘Mi kple miaƒe dzidzimeviwo mide gbo miaƒe awuwo to, eye mitsi gboawo ɖe avɔlɔ̃ka blɔtɔ ŋu.
39
Ne miekpɔ gboawo la, woana miaɖo ŋku nye seawo katã dzi, eye miawɔ wo dzi ne miagawɔ miaƒe lɔlɔ̃nu kple nu siwo dzroa mi la o.
40
Gboawo aɖo ŋku nye seawo katã dzi na mi, eye mianɔ kɔkɔe na miaƒe Mawu.
41
Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu. Mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi be manye miaƒe Mawu. Nyee nye Aƒetɔ, miaƒe Mawu.”
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36