bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 33
Numbers 33
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 32
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 34 →
1
Esime Israelviwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi yina le Mose kple Aron ƒe kpɔkplɔ te la, woƒu asaɖa anyi ɖe teƒeteƒewo le hatsotso hatsotso me.
2
Ne woɖo teƒe aɖe heƒu asaɖa anyi ɖi la, Aƒetɔ nana Mose ŋlɔa teƒea ŋkɔ ɖi. Teƒe siwo wotɔ ɖo le mɔzɔzɔa me la woe nye:
3
Woho tso Ramses le ƒè la ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wui atɔ̃lia dzi. Le ŋutitoto la ƒe ŋufɔke la, Israelviwo dze mɔ abe dziɖulawo ene le Egiptetɔwo katã ŋkume dzo,
4
esime Egiptetɔwo le woƒe ŋgɔgbevi siwo katã Aƒetɔ wu le wo dome la ɖim. Aƒetɔ he to na woƒe mawuwo hã.
5
Israelviwo ho tso Ramses va ƒu asaɖa anyi ɖe Sukot.
6
Wogaho tso Sukot va ƒu asaɖa anyi ɖe Etam le kegbegbe la nu.
7
Esi woho tso afi ma la, wotrɔ ɖo ta Pi-Haxirot le Baal-Zefon ŋgɔ, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Migdol ƒe ɣedzeƒe gome.
8
Woho tso Pihaxirot eye wotso ƒu la va Sur-gbedadaƒo. Wozɔ Etam-gbedadaƒo ŋkeke etɔ̃, eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Mara.
9
Esi woho tso afi ma la, wova Elim afi si vudo wui eve kple deti bla adrẽ le, eye woƒu asaɖa anyi ɖe afi ma.
10
Woho tso Elim va ƒu asaɖa anyi ɖe Aƒlaƒu la nu.
11
Esi wotso le afi sia la, wova nɔ Zin-gbedadaƒo la.
12
Eyome wova ƒu asaɖa anyi ɖe Dofka.
13
Tso Dofka wova Alus.
14
Esi wotso le Alus la, wova ƒu asaɖa anyi ɖe Refidim, afi si womekpɔ tsi aɖeke le ano o.
15
Esi woho tso Refidim la, wova ƒu asaɖa anyi ɖe Sinai-gbedadaƒo.
16
Woho tso Sinai-gbedadaƒo heva ƒu asaɖa anyi ɖe Kibrot-Hatava.
17
Woho tso Kibrot-Hatava heva ƒu asaɖa anyi ɖe Xazerot.
18
Woho tso Xazerot heva ƒu asaɖa anyi ɖe Ritma.
19
Woho tso Ritma, va ƒu asaɖa anyi ɖe Rimon-Perez.
20
Woho tso Rimon-Perez heva ƒu asaɖa anyi ɖe Libna.
21
Woho tso Libna, va ƒu asaɖa anyi ɖe Risa.
22
Woho tso Risa heva ƒu asaɖa anyi ɖe Kehelata.
23
Woho tso Kehelata heva ƒu asaɖa anyi ɖe Sefer-to la gbɔ.
24
Woho tso Sefer-to la gbɔ va ƒu asaɖa anyi ɖe Xarada.
25
Woho tso Xarada heva ƒu asaɖa anyi ɖe Makehelot.
26
Woho tso Makehelot heva ƒu asaɖa anyi ɖe Taxat.
27
Woho tso Taxat heva ƒu asaɖa anyi ɖe Tarax.
28
Woho tso Tarax heva ƒu asaɖa anyi ɖe Mitka.
29
Woho tso Mitka heva ƒu asaɖa anyi ɖe Xasmona.
30
Woho tso Xasmona heva ƒu asaɖa anyi ɖe Moserot.
31
Woho tso Moserot heva ƒu asaɖa anyi ɖe Bene-Yakan.
32
Woho tso Bene-Yakan heva ƒu asaɖa anyi ɖe Xor-Hagidgad.
33
Woho tso Xor-Hagidgad heva ƒu asaɖa anyi ɖe Yotbata.
34
Woho tso Yotbata heva ƒu asaɖa anyi ɖe Abrona.
35
Woho tso Abrona heva ƒu asaɖa anyi ɖe Ezeon-Geber.
36
Woho tso Ezeon-Geber heva ƒu asaɖa anyi ɖe Zin-gbedadaƒo. Eya kee nye Kades.
37
Woho tso Kades heva ƒu asaɖa anyi ɖe Hor-to la gbɔ le Edom ƒe liƒo dzi.
38
Nunɔla Aron lia Hor-to la, abe ale si Aƒetɔ gblɔ ene, eye wòku le afi ma, le esime Israelviwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi ƒe bla ene megbe le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi.
39
Aron xɔ ƒe alafa ɖeka bla eve vɔ etɔ̃ hafi ku le Hor-to la dzi.
40
Arad-fia si le Kanaan ƒe anyigbeme gome la se be Israelviwo gbɔna.
41
Woho tso Hor-to la gbɔ heva ƒu asaɖa anyi ɖe Zalmona.
42
Woho tso Zalmona heva ƒu asaɖa anyi ɖe Punon.
43
Woho tso Punon heva ƒu asaɖa anyi ɖe Obot.
44
Woho tso Obot heva ƒu asaɖa anyi ɖe Iyim-Abarim le Moabtɔwo ƒe nutome.
45
Woho tso Ayim heva ƒu asaɖa anyi ɖe Dibon-Gad.
46
Woho tso Dibon-Gad heva ƒu asaɖa anyi ɖe Almon-Diblatayim.
47
Woho tso Almon-Diblatayim heva ƒu asaɖa anyi ɖe Abarim-towo gbɔ le Nebo ŋgɔ.
48
Woho tso Abarim-towo gbɔ heva ƒu asaɖa anyi ɖe Moab-gbegbe le Yordan nu le Yerixo kasa.
49
Woƒu asaɖa anyi ɖe Yordan nu tso Bet-Yesimot va se ɖe Abel-Sitim le Moab-gbegbe.
50
Aƒetɔ gblɔ na Mose le Moab-gbegbe le Yordan nu le Yerixo kasa be:
51
Gblɔ na Israelviwo be: “Ne mietso Yordan-tɔsisia va Kanaan-nyigba dzi la,
52
minyà anyigbaa dzi nɔlawo katã ɖa le anyigba la dzi. Migbã woƒe aklama kpakpɛwo katã, legbawo katã kple woƒe mawusubɔƒewo keŋ.
53
Mixɔ anyigba la le wo si mianɔ edzi, elabe ɖe metsɔe na mi be wòazu mia tɔ.
54
Midzidze nu ɖe anyigba la dzi, eye miamae ɖe miaƒe toawo kple ƒomeawo nu. Teƒe si dzi nudzidze la dze la, mitsɔ lolotɔwo na ƒome siwo sɔ gbɔ eye mitsɔ suetɔwo na ƒome siwo mesɔ gbɔ o.
55
Ke ne mienyà anyigba la dzi nɔlawo ɖa o la, ame siwo susɔ la azu abe ŋu ene anɔ miaƒe ŋku ta kple abe aŋɔka ene anɔ mia xa, eye woaɖe fu na mi le anyigba la dzi.
56
Eya ta ne mienyà wo ɖa o la, mawɔ nu si meɖo be mawɔ wo la miawo boŋ vevie.”
← Chapter 32
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 34 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36