bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 23
Numbers 23
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 24 →
1
Bileam gblɔ na Balak be: “Na woaɖi vɔsamlekpui adrẽ ɖe afi sia nam, eye woakplɔ nyitsu adrẽ kple agbo adrẽ vɛ nam.”
2
Balak wɔ nu si Bileam gblɔ nɛ la, eye wo amea evea tsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔ le vɔsamlekpui adrẽawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.
3
Emegbe Bileam gblɔ na Balak be: “Va tsi tsitre ɖe wò numemevɔsa la gbɔ, ne madzo le afii vie aɖakpɔ ɖa be Aƒetɔ aɖe eɖokui afiam mahã. Ne eɖe nane fiam la, mava gblɔe na wò.” Ale eya ɖeka yi togbɛ aɖe si dzi naneke mele o la dzi,
4
eye Mawu ɖe eɖokui fiae. Bileam gblɔ nɛ be: “Meɖi vɔsamlekpui adrẽawo, eye metsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔ le vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.”
5
Aƒetɔ gblɔ nya si wòdi be Bileam nagblɔ na Balak la nɛ, eye wòɖoe ɖe egbɔ be wòayi aɖagblɔe nɛ tututu.
6
Ale Bileam gbugbɔ yi, eye wòkpɔ Balak kple Moab-megãwo le tsitre ɖe eƒe numemevɔsa la gbɔ.
7
Bileam ɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi la be: “Balak, Moab-fia, kplɔm tso Aram, ɣedzeƒetowo dzi vɛ. Egblɔ nam be: ‘Va ƒo fi de Yakob nam! Va do ɖiŋu na Israel nam!’
8
Ale ke maƒo fi ade ame si Mawu meƒo fi de o? Ale ke mado ɖiŋu na ame si Mawu medo ɖiŋu na o?
9
Mele towo tame le wo kpɔm ɖa! Mele togbɛwo dzi le wo kpɔm ɖa! Wonye dukɔ si ɖe ɖe aga; womebua wo ɖokui ɖe dukɔ bubuwo dome o.
10
Wosɔ gbɔ abe ke ene. Ame ka ate ŋu axlẽ wo? Woƒe eneliawo ɖeka pɛ hã, manyaxlẽ na ame aɖeke o. Na maku ame dzɔdzɔe. Nye nuwuwu nenɔ abe wo tɔ ene.”
11
Tete Balak gblɔ na Bileam be: “Nu ka nye esia nèwɔ ɖe ŋunye? Meyɔ wò vɛ be nàƒo fi ade nye futɔwo ko, ɖeko nètsɔ wo yra!”
12
Eɖo eŋu be: “Nu si Aƒetɔ be magblɔ ko magblɔ.”
13
Balak gblɔ na Bileam be: “Va míyi teƒe bubu, afi si nàte ŋu akpɔ wo dometɔ aɖewo ko le; ke menye wo katã o, negbe esiwo tsɔ ɖe mía gbɔ la ko. Madi be nàƒo fi de wo nam tso afi ma.”
14
Ekplɔe yi Zofim gbe dzi le Pisga-to tame. Egaɖi vɔsamlekpui adrẽ ɖe afi ma hã, eye wòtsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔ le vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.
15
Bileam gblɔ na Balak be: “Tsi tre ɖe wò numemevɔsa la gbɔ le afii, ne mayi aɖado go Aƒetɔ le afim.”
16
Tete Aƒetɔ do go Bileam, eye wògblɔ nya si Bileam agblɔ la nɛ. Egblɔ nɛ be negbugbɔ yi Balak gbɔ, eye wòagblɔ nya si tututu yegblɔ nɛ la nɛ.
17
Esi wògbugbɔ va la, Balak gale tsitre ɖe eƒe numemevɔsa la gbɔ, eye Moab-megãwo le egbɔ. Balak biae be: “Ale ke Aƒetɔ gblɔ?”
18
Tete Bileam gblɔ Aƒetɔ ƒe numegbe nɛ be: “Va, Balak, Zipor vi. Ɖo tom nyuie nàse nya si gblɔ ge mala.
19
Mawu menye amegbetɔ aka aʋatso o. Menye amegbetɔ dzidzia wònye ne wòado ŋugbe ko agbe edziwɔwɔ o. Ne egblɔ nya la, ewɔa edzi. Ne egblɔ nya ɖi la, nyaa vaa me.
20
Kpɔ ɖa, Mawu ɖe wòbe mava yra ame. Ne Mawu yra ame la, nyemate ŋu atrɔe o.
21
Nyemekpɔ dzɔgbevɔ̃e aɖeke le Yakob ŋu o; nyemekpɔ fuwɔame aɖeke le Israel ŋu o. Aƒetɔ, eƒe Mawu li kplii, eye dzidzɔɣli le ɖiɖim le wo dome be eyae nye yewoƒe fia.
22
Mawue kplɔ wo tso Egipte, eye wòle na wo abe to ƒe dzo ene.
23
Dzotɔwo ƒe dzo maɖi Yakob ŋu o. Nenema ke afatɔwo ƒe afa maɖi le Israel o. Ɖeko amewo agblɔ be: ‘Mikpɔ nu si gbegbe Mawu wɔ na Israel la ɖa!’
24
Mikpɔ Israel-dukɔ ɖa! Etso abe dzatanɔ ene, eye wòfɔ abe dzatatsu ene. Matsyɔ akɔ anyi akpɔ o, negbe ɖeko wòaɖu nu si wòlé, eye wòano nu siwo wòwu la ƒe ʋu hafi.”
25
Tete Balak gblɔ na Bileam be: “Esi nègbe fiƒoƒo de wo ko la, mègayra wo hã o!”
26
Bileam ɖo eŋu be: “Nyemegblɔ na wò be ele nam be mawɔ nya sia nya si Aƒetɔ gblɔ nam la dzi oa?”
27
Emegbe Balak gblɔ be: “Va makplɔ wò yi teƒe bubu. Ɖewohĩ Aƒetɔ adi be nànɔ afi ma aƒo fi ade wo nam.”
28
Ale Balak kplɔ Bileam yi Peor-to tame, eye wole kegbegbe si dze ŋgɔ wo la kpɔm ɖa.
29
Bileam gblɔ nɛ be: “Ɖi vɔsamlekpui adrẽ ɖe afi sia nam, eye nàkplɔ nyitsu adrẽ kple agbo adrẽ vɛ nam.”
30
Balak wɔ nu si Bileam gblɔ nɛ la, eye wòtsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔ le vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 24 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36