bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 31
Numbers 31
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 30
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 32 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
“Bia hlɔ̃ Midiantɔwo le nu si wowɔ Israelviwo la ta. Ne èwɔ esia vɔ la, àku.”
3
Ale Mose gblɔ na dukɔ la be: “Mina miaƒe ŋutsuwo nadzra ɖo ne miaho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu, eye miahe to na wo le nu si wowɔ ɖe Aƒetɔ ŋu la ta.
4
Miaƒe toawo dometɔ ɖe sia ɖe naɖe ame akpe ɖeka aɖo ɖe aʋa la wɔƒe.”
5
Ale Israel-toawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe ame akpe ɖeka ɖo ɖa, ale ame siwo dzra ɖo na aʋaa yiyi la le ame akpe wui eve.
6
Mose na Pinehas, nunɔla Eleazar vi, kplɔ wo yi aʋa lae. Nu kɔkɔeawo kple kpẽ siwo woaku be aʋawɔlawo nanya nu si woawɔ la le Pinehas ƒe dzikpɔkpɔ te.
7
Woho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene, eye wowu Midian-ŋutsuwo katã.
8
Wowu Midian-fia atɔ̃awo hã. Woawoe nye: Evi, Rekem, Zur, Xur kple Reba. Wowu Bileam, Beor vi, hã.
9
Israelviwo ɖe aboyo Midian-nyɔnuwo kple ɖeviwo, ha woƒe nyihawo kple alẽhawo katã, lɔ woƒe kesinɔnuwo dzoe,
10
eye wotɔ dzo woƒe duwo katã kple woƒe asaɖawo.
11
Wokplɔ aboyomeawo kple lãawo, eye wolɔ nu siwo woha kpe ɖe wo ŋu la dzoe.
12
Wokplɔ aboyomeawo kple nu siwo woha kpakple aboyonu bubuawo katã va Mose kple nunɔla Eleazar kpakple Israelviwo ƒe ha blibo la gbɔ le Moab-gbegbe le Yordan nu le Yerixo kasa.
13
Mose, nunɔla Eleazar kple Israel-megã bubuawo katã yi ɖakpe aʋawɔlaawo le asaɖa la godo.
14
Tete Mose do dɔmedzoe ɖe aʋakplɔla siwo te ame akpewo kple esiwo nɔ ame alafawo nu de aʋaa gbɔ la ŋuti.
15
Ebia wo be: “Nu ka ta miena nyɔnuawo katã tsi agbe?
16
Ɖe menye nyɔnuawoe xɔ Bileam ƒe aɖaŋuɖoɖo la, eye wona Israelviwo mewɔ nuteƒe na Aƒetɔ le Peor oa? Ɖe menye woƒe nuwɔnae kplɔ dɔ vɔ̃ ƒu Aƒetɔ ƒe ha la oa?
17
Eya ta miwu ameawo dome ŋutsuvi siwo katã de asi nyɔnu ŋu kpɔ. Nenema ke miwu nyɔnuvi siwo katã de ŋutsu gbɔ kpɔ la hã.
18
Ke nyɔnuvi siwo katã mede ŋutsu gbɔ kpɔ o le wo dome la natsi anyi na mi.
19
Azɔ mia dometɔ si wu ame alo ka asi ame kuku ŋu la netsi asaɖa la godo ŋkeke adrẽ. Le ŋkeke etɔ̃lia kple adrẽlia gbe la, miɖe nuvɔ̃ ɖa le mia ɖokui kple nyɔnu siwo mieɖe aboyoe la ŋu.
20
Nenema ke miɖe nuvɔ̃ ɖa le avɔwo katã kple nu siwo katã wotsɔ lãgbalẽ, gbɔ̃fu alo ati wɔ la ŋu.”
21
Nunɔla Eleazar gblɔ na aʋadelaawo be: “Se siwo Aƒetɔ de na Mose lae nye esiwo be:
22
Mitsɔ sika kple klosalo, akɔbli kple ga yibɔ, ga ɣi kple tsumi
23
kpakple nu sia nu si ate ŋu ade dzo me la haha dzoe, ekema wo ŋu akɔ. Gake ele be woatsɔ ameŋukɔtsi aɖe nuvɔ̃ ɖa le wo ŋu. Ke woatsɔ tsi aklɔ nu siwo katã mate ŋu ade dzo me o lae.
24
Le ŋkeke adrẽa gbe la, minya miaƒe avɔwo. Ekema mia ŋu kɔ, eye miekpɔ mɔ ayi asaɖa la me.”
25
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
26
“Wò kple nunɔla Eleazar kpakple Israel-toawo ƒe amegãwo, mixlẽ aboyonuawo katã, ameawo kple lãawo siaa.
27
Mima nuawo ɖe akpa eve me. Aʋadelawo naxɔ akpa ɖeka, eye ame mamlɛawo hã naxɔ akpa ɖeka.
28
Le aʋadelaawo tɔ gome la, xɔ ame ɖeka tso ame alafa atɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu natsɔ na Aƒetɔ wòanye eƒe adzɔ. Wɔ nenema ke le nyi, tedzi, alẽ kple gbɔ̃ gome hã.
29
Tsɔ wo na nunɔla Eleazar, abe nunana tɔxɛ ene, na Aƒetɔ.
30
Le ha la tɔ gome la, xɔ ame ɖeka tso ame bla atɔ̃ sia ame bla atɔ̃ me, eye nàxɔ nenema ke le nyi, tedzi, alẽ kple gbɔ̃wo hã gome. Tsɔ wo na Levitɔwo le esi wònye woawoe wɔa dɔ le godoƒegbadɔ ŋu la ta.”
31
Mose kple nunɔla Eleazar wɔ abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
32
Aboyonu siwo aʋawɔlawo ha la ƒe susɔea le: alẽ akpe alafa ade bla adrẽ vɔ atɔ̃;
33
nyi akpe bla adrẽ vɔ eve;
34
tedzi akpe bla ade vɔ ɖekɛ;
35
nyɔnuvi siwo mede ŋutsu gbɔ kpɔ o la le akpe bla etɔ̃ vɔ eve.
36
Nu siwo aʋadelawo xɔ la woe nye: alẽ akpe alafa etɔ̃ bla etɔ̃ vɔ adrẽ alafa atɔ̃.
37
Adzɔ si woɖe le alẽawo ŋu na Aƒetɔ la le alẽ alafa ade bla adrẽ vɔ atɔ̃.
38
Nyiwo le akpe bla etɔ̃ vɔ ade, eye woɖe bla adrẽ vɔ eve tsɔ na adzɔ Aƒetɔ.
39
Tedziwo le akpe bla etɔ̃ alafa atɔ̃, eye woɖe bla ade vɔ ɖekɛ tsɔ na adzɔ Aƒetɔ.
40
Amewo le akpe wui ade, eye woɖe ame bla etɔ̃ vɔ eve tsɔ na adzɔ Aƒetɔ.
41
Ale Mose tsɔ adzɔ siwo wona Aƒetɔ la na nunɔla Eleazar abe ale si Aƒetɔ ŋutɔ gblɔ na Mose ene.
42
Israelviwo ƒe afã si Mose ɖe ɖa tso aʋadelawo gbɔ tɔe nye esi;
43
ameha la ƒe afã tɔe nye akpe alafa etɔ̃ bla etɔ̃ vɔ adrẽ alafa atɔ̃;
44
nyi akpe bla etɔ̃ vɔ ade;
45
tedzi akpe bla etɔ̃ alafa atɔ̃
46
kple ame akpe wui ade.
47
Mose ɖe ame ɖekaɖeka alo lã ɖekaɖeka le ame alo lã bla atɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu tso Israelviwo tɔ ŋu na Levitɔwo le woƒe dɔwɔwɔ le godoƒegbadɔ la ŋu ta abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
48
Aʋakplɔla siwo kplɔ aʋakɔ la de aʋa lae la va Mose gbɔ,
49
eye wogblɔ nɛ be: “Amegã, míexlẽ aʋawɔla siwo nède asi na mí míekplɔ de aʋa lae, eye woƒe xexlẽme de; ɖeke metsi aʋa o.
50
Eya ta míetsɔ sikanu siwo mía dome ame sia ame ha la vɛ be míana Aƒetɔ. Nuawoe nye: Sikanuwo, alɔnugawo, asigɛwo, togɛwo kple kɔdzonuwo. Míetsɔ nu siawo le Aƒetɔ nam abe fexexe ɖe míaƒe agbe ta ene ale be wòakpɔ mía ta.”
51
Ale Mose kple nunɔla Eleazar xɔ sika la. Sika sia nye sikatsyɔ̃ɖonu ƒomevi vovovowo.
52
Sikanu siwo aʋakplɔlaawo katã tsɔ vɛ la ƒe kpekpeme ade kilo alafa eve.
53
Nu siwo aʋawɔla siwo menye aʋakplɔlawo o ya ha la tsi wo si; wometsɔ wo na o.
54
Mose kple Eleazar tsɔ sikanuawo yi godoƒegbadɔ la me ale be woanye ŋkuɖodzinu na Aƒetɔ be wòakpɔ Israelviwo ta.
← Chapter 30
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 32 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36