bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 3
Numbers 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 4 →
1
Aron kple Mose ƒe dzidzimeviwo nye esiawo esime Aƒetɔ ƒo nu kple Mose le Sinai-to dzi.
2
Viŋutsu ene nɔ Aron si siwo ŋkɔwoe nye: Nadab, eƒe ŋgɔgbevi, Abihu, Eleazar kple Itamar.
3
Wosi ami na wo heɖo wo nunɔlawoe,
4
ke Nadab kple Abihu ku esime wotsɔ dzo makɔmakɔ va sa vɔe na Aƒetɔ le Sinai-gbedadaƒo. Vi menɔ wo si o, ale Eleazar kple Itamar va zu nunɔlawo le wo tɔ́ Aron ƒe agbenɔɣi.
5
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
6
“Kplɔ Levi-to la me tɔwo va nunɔla Aron gbɔ, eye nàɖo wo bene woanye eƒe subɔlawo.
7
Woawoe awɔ dɔ na Aron le nye agbadɔ ŋu, nunɔlawo ƒe dɔdeasiwo kple dɔ siwo ku ɖe ha blibo la ŋu.
8
Woakpɔ nye agbadɔ la ŋuti nuwo katã dzi, eye woakpe ɖe Israelviwo ŋu ne wova subɔsubɔ ge le agbadɔ la gbɔ.
9
Tsɔ wo de Aron kple viawo si be woawo nanye wo subɔlawo koŋ le Israelviwo dome.
10
Nàɖo Aron kple viawo be woawo ko nanye nunɔlawo; ke ne ame bubu aɖe va be yeawɔ woƒe dɔ la, wonewu amea.”
11
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
12
“Kpɔ ɖa, mexɔ Levi viwo le Israelviwo dome ɖe ŋgɔgbevi siwo katã ʋu dɔ nu le Israelviwo dome la teƒe. Levitɔwo nanye tɔnye,
13
elabe ŋgɔgbeviwo katã la tɔnyewoe. Gbe si gbe mewu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi la, mekɔ ŋgɔgbeviwo katã le Israel ŋu la na ɖokuinye; amewo kple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo siaa, be woanye tɔnye. Nyee nye Aƒetɔ.”
14
Aƒetɔ gblɔ na Mose le Sinai-gbedadaƒo la be:
15
“Tia Levi viŋutsu siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la nàxlẽ ɖe aƒekɔaƒekɔ kple ƒomeƒome nu.”
16
Ale Mose xlẽ wo pɛpɛpɛ abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ be nexlẽ woe ene.
17
Levi viwo ŋkɔwoe nye: Gerson, Kehat kple Merari.
18
Gerson viwo ŋkɔwo le woƒe ƒomewo nu nye esi: Libni kple Simei.
19
Kehat viwo nye esi le woƒe ƒomewo nu: Amram, Yizhar, Xebron kple Uziel.
20
Merari viwo nye esi le woƒe ƒomewo nu: Maxeli kple Musi. Esiawo nye Levi viwo ƒe ƒomewo le wo tɔ́wo ƒe aƒewo nu.
21
Gerson ƒomeawo nye: Libni viwo kple Simei viwo.
22
Ŋutsu siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema le wo dome la ƒe xexlẽme le ame akpe adrẽ alafa atɔ̃.
23
Gerson ƒomeawo naƒu asaɖa anyi ɖe agbadɔ la megbe le ɣetoɖoƒe,
24
eye woƒe tatɔe nye Eliasaf, Lael vi.
25
Woƒe dɔdeasie nye be woakpɔ agbadɔ la dzi. Agbadɔ la me vɔ, egodotɔ kple mɔnuvɔwo le woƒe dzikpɔkpɔ te.
26
Azɔ kpɔ si ƒo xlã agbadɔa kple vɔsamlekpui la godoo kple agbadɔ la ŋu kawo hã le eme. Subɔsubɔdɔ bubu siwo katã ku ɖe nu siawo ŋu la kpɔ wo ŋkume.
27
Kehat ƒomeawo nye: Amram viwo, Xebron viwo kple Uziel viwo.
28
Ŋutsu siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema le wo dome la ƒe xexlẽme le akpe enyi alafa ade.
29
Ƒome sia naƒu asaɖa anyi ɖe agbadɔ la ƒe axa dzi le anyigbeme lɔƒo,
30
eye woƒe tatɔe nye Elisafan, Uziel vi.
31
Woƒe dɔdeasie nye be woakpɔ nu siwo gbɔna la dzi: Nubablaɖaka la, kplɔ̃ la, akaɖiti la, vɔsamlekpuiawo, tsikunu siwo ŋudɔ nunɔlawo wɔna le kɔkɔeƒe la me kple xɔmetsovɔ la. Subɔsubɔdɔ bubu siwo katã ku ɖe nu siawo ŋu la kpɔ wo ŋkume.
32
Levi viwo ƒe tatɔe nye Eleazar, nunɔla Aron vi. Eyae nye tatɔ na Levi vi siwo katã kpɔa kɔkɔeƒe la dzi.
33
Merari ƒomeawo nye: Maxeli viwo kple Musi viwo.
34
Ŋutsu siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema le wo dome la ƒe xexlẽme le akpe ade alafa eve.
35
Woawo naƒu asaɖa anyi ɖe agbadɔ la ƒe dzigbeme lɔƒo, eye woƒe tatɔe nye Zuriel, Abixail vi.
36
Woƒe dɔdeasie nye be woakpɔ nu siwo gbɔna la dzi: Ʋuƒo siwo le agbadɔa ŋu, gametiawo, sɔtiawo kple woƒe afɔwo kpakple wo ŋu nu bubuawo. Gawu la, subɔsubɔdɔ bubu siwo katã ku ɖe nu siawo ŋu la kpɔ wo ŋkume.
37
Merari ƒomeawo kee akpɔ kpɔtiawo katã kple woƒe afɔwo, tsyotiawo kple wo ŋu kawo hã dzi.
38
Mose kple Aron kpakple Aron viŋutsuawo naƒu asaɖa anyi ɖe agbadɔ la ŋgɔ le ɣedzeƒe lɔƒo. Woƒe dɔdeasie nye be woawɔ dɔ le kɔkɔeƒe la na Israelviwo. Ke ne ame bubu aɖe va be yeawɔ woƒe dɔ la, wonewui.
39
Ŋutsu siwo katã xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema le Levi viwo dome siwo Mose kple Aron xlẽ le woƒe ƒomewo nu, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na wo ene la, ƒe xexlẽme nye akpe bla eve vɔ eve.
40
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Tia ŋutsu ŋgɔgbevi siwo katã xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la le Israelviwo dome, eye nàŋlɔ woƒe ŋkɔwo axlẽ.
41
Eyome, tia Levi viwo ɖe Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe. Nyee nye Aƒetɔ. Nenema ke le lãhawo gome hã la, Levi viwo ƒe lã ŋgɔgbeviwo katã hã nye tɔnye axɔ ɖe Israel ƒe lã ŋgɔgbeviwo teƒe.”
42
Ale Mose xlẽ ŋgɔgbeviwo katã le Israelviwo dome le Aƒetɔ ƒe sedede nu.
43
Ŋutsu siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la ƒe xexlẽme nye akpe bla eve vɔ eve alafa eve bla adrẽ vɔ etɔ̃.
44
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
45
“Kɔ Levi viwo ŋu nam be woanye tɔnye ɖe ŋutsu ŋgɔgbevi siwo katã le Israel la teƒe. Nenema ke kɔ Levi viwo ƒe lãhawo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu nam ɖe Israelviwo tɔ teƒe.
46
Esi wònye Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo tsɔ ame alafa eve bla adrẽ vɔ etɔ̃ sɔ gbɔ wu Levi viwo ta la, xɔ ame tsidziawo nàƒle.
47
Xe klosaloga atɔ̃ ɖe ame ɖeka ta, le gaɖɔliɖɔli ƒe ɖoɖo si li la nu,
48
eye nàtsɔ ame tsidziawo ƒe ga la na Aron kple via ŋutsuwo.”
49
Mose wɔ ɖe nya la dzi, eye wòtsɔ
50
klosaloga akpe ɖeka alafa etɔ̃ bla ade vɔ etɔ̃ la
51
na Aron kple via ŋutsuwo abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ ene.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36