bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 20
Numbers 20
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 21 →
1
Le ɣleti gbãtɔ me la, Israelviwo ƒe ha blibo la va Zin-gbedadaƒo, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Kades. Miryam ku le afi ma eye woɖii ɖe afi ma.
2
Tsi aɖeke menɔ afi si woƒu asaɖa anyi ɖo o, eya ta wokpe ta eye wotsi tre ɖe Mose kple Aron ŋu.
3
Wowɔ dzre kple Mose be: “Ne míawo hã ɖe míeku le Aƒetɔ ƒe agbadɔa ŋgɔ kple mía nɔvi Israelvi mawo la, ne enyo wu!
4
Nu ka ta gɔ̃ miekplɔ mí va gbedadaƒo le afii? Menye esi mí kple míaƒe lãhawo míava ku ɖi tae oa?
5
Nu ka ta miekplɔ mí dzoe le Egipte va teƒe vlo sia, afi si nuku aɖeke mawɔ le o? Bli, gboti, wain kple yevuboɖati aɖeke mele afi sia o. Tsi teti hã meli ame nano o!”
6
Tete Mose kple Aron dzo le ha la gbɔ heyi ɖe godoƒegbadɔ la ƒe mɔnu. Wotsyɔ mo anyi, eye Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ɖe wo dzi.
7
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
8
“Tsɔ atikplɔ si le nubablaɖaka la ŋgɔ, eye wò kple Aron miaƒo ha blibo la nu ƒu. Ƒo nu kple agakpe la le wo ŋkume be nena tsi nado tso eme. Aleae miawɔ ana tsi nado tso agakpe la me ne ha la kple woƒe lãwo nano.”
9
Mose yi ɖatsɔ atikplɔ la abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ ene.
10
Eya kple Aron ƒo ha la nu ƒu ɖe agakpe la ŋgɔ, eye wògblɔ na wo be: “Mi aglãdzela siawo! Misee! Ɖe míate ŋu ana tsi nado tso agakpe sia me na mia?”
11
Tete Mose kɔ atikplɔ la dzi, ƒo agakpe la zi eve, eye tsi do bababa tso eme na ha la kple woƒe lãwo wono.
12
Ke Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be: “Esi miexɔ dzinye se bliboe o, eye miekɔ ŋunye le Israelviwo ŋkume o ta la, nyemana miakplɔ ha sia ade anyigba si metsɔ na wo la dzi o.”
13
Esia nye Meriba-tsi. Afi siae Israelviwo wɔ dzre kple Aƒetɔ le, eye wòɖe eɖokui fia wo le be ɖe yele kɔkɔe.
14
Mose dɔ dɔlawo le Kades ɖo ɖe Edom-fia gbɔ. Amedɔdɔawo gblɔ nɛ be: “Wò ŋutɔ ènya nu sesẽ siwo dzɔ ɖe mía dzi.
15
Ènya be mía tɔgbuiwo ʋu va Egipte, eye míenɔ afi ma eteƒe didi. Egiptetɔwo sẽ tame le mí kple mía tɔgbuiwo ŋu,
16
eye míedo ɣli yɔ Aƒetɔ be nexɔ na mí. Ese míaƒe ɣlidodo, eye wòdɔ mawudɔla aɖe ɖa wòva kplɔ mí tso Egipte. Azɔ míeva ɖo Kades si nye du si le wò liƒo dzi la me.
17
Míeɖe kuku, nà míato wò anyigba me ayi. Míele agble alo wainbɔwo me to ge o. Míele vudo aɖeke me tsi hã no ge o. Míato fia ƒe mɔ gã dzi tẽe, eye míadze ɖe afi aɖeke o, va se ɖe esime míato wò anyigba me ayi.”
18
Ke Edom ɖo eŋu be: “Míana miato afii ava yi o. Ne mietee kpɔ la, matso ɖe mia ŋu awɔ aʋa kpli mi.”
19
Tete Israelviwo gblɔ nɛ be: “Mɔ gã dzi ko míedi be míato ayi. Ne míawo loo, alo míaƒe lãwo no miaƒe tsi la, míaxe fe ɖe eta. Ɖeko míedi be míazɔ edzi ayi; evɔ. Míedi naneke wu esia o.”
20
Ke woawo gaɖo eŋu be: “Míegbe. Miele edzi to ge ayi akpɔ o!” Ale Edomtɔwo tso ɖe wo ŋu kple aʋakɔ sesẽ aɖe be ne wokatsa la, yewoawɔ aʋa kpli wo.
21
Esi Edomtɔwo gbe be Israelviwo mato yewoƒe anyigba dzi ayi o ta la, wodze to mɔ bubu to wo ŋu yi.
22
Israel ƒe ha blibo la ho tso Kades, eye wova Hor-to gbɔ.
23
To sia le Edom-nyigba ƒe liƒo dzi. Tete Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron le afi ma be:
24
“Aron made anyigba si ŋugbe medo na Israelviwo la dzi o. Aku, elabe mi ame evea miesẽ to gbe nye gbe dzi wɔwɔ le Meriba.
25
Kplɔ Aron kple via ŋutsu Eleazar yi Hor-to la dzi.”
26
Ɖe eƒe awuwo le eŋu nàdo na via Eleazar; ke Aron aku ɖe afi ma.”
27
Mose wɔ abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ ene. Wolia to la le ha blibo la ŋkume,
28
eye Mose ɖe awuawo le Aron ŋu hedo na via Eleazar. Ale Aron ku le toa tame le afi ma, eye Mose kple Eleazar ɖi tso toa dzi.
29
Esi ha blibo la kpɔ be Aron megali o la, wofae ŋkeke bla etɔ̃ sɔŋ.
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36