bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 29
Numbers 29
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 30 →
1
“Ɣleti adrẽlia ƒe ŋkeke gbãtɔ nanye takpegbe tɔxɛ si le kɔkɔe. Migawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o. Miku kpẽwo gbe ma gbe.
2
Misa numemevɔ si ʋẽna lílili ɖem la nam. Nu siwo ŋudɔ miawɔ lae nye: nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adrẽ siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, eye menye lã nuwɔe o la.
3
Mitsɔ wɔ memee kilo etɔ̃ si wodzaba kple ami wɔ nuɖuɖuvɔsa kpe ɖe nyitsu ɖeka la ŋu. Mitsɔ wɔ memee kilo eve kpe ɖe agbo la ŋu,
4
eye mitsɔ wɔ memee kilo ɖeka kpe ɖe agbovi adrẽawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
5
Mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔ ne miatsɔ alé avu na dukɔ la.
6
Mitsɔ nu siawo sa vɔe kpe ɖe numemevɔsa kple eŋu nuɖuɖuvɔsa si miewɔna ne dzinu dze dzi la ŋuti. Nenema ke mitsɔ numemevɔsa kple eŋu nuɖuɖuvɔsa kpakple nunonovɔsa si miewɔna gbe sia gbe la kpe ɖe eŋuti.
7
“Ɣleti adrẽlia ƒe ŋkeke ewoa gbe nye takpegbe si le kɔkɔe na mi. Mitsi nu dɔ gbe ma gbe, eye ame aɖeke megawɔ dɔ o.
8
Mitsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adrẽ siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, eye menye lã nuwɔe o la sa numemevɔ si ʋẽna ɖem lílili la nam.
9
Mitsɔ wɔ memee kilo etɔ̃ si wodzaba kple ami la wɔ nuɖuɖuvɔsa kpe ɖe nyitsu la ŋu. Nenema ke mitsɔ wɔ kilo eve kpe ɖe agbo ɖeka la ŋu,
10
eye mitsɔ wɔ kilo ɖeka kpe ɖe agbovi adrẽawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
11
Emegbe mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe kpe ɖe nuvɔ̃vɔsa si wotsɔ lé avui kple numemevɔsa kple eŋu nuɖuɖuvɔsa kpakple nunonovɔsa si miewɔna gbe sia gbe la ŋuti.
12
“Ɣleti adrẽlia ƒe ŋkeke wui atɔ̃lia nye takpegbe si le kɔkɔe. Miɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adrẽ sɔŋ tsɔ de bubu ŋunye. Ame aɖeke megawɔ dɔ aɖeke le ɣeyiɣi sia me o.
13
Le ŋkeke gbãtɔ gbe la, mimè nu tsɔ sa nuɖuɖuvɔ si ʋẽna ɖem lílili la nam. Nu siwo ŋudɔ miawɔ lae nye: nyitsuvi wui ene, agbo eve kple agbovi wui ene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, eye ɖeke menye lã nuwɔe o.
14
Mitsɔ wɔ memee kilo etɔ̃ si wodzaba kple ami la wɔ nuɖuɖuvɔsa kpe ɖe nyitsu wui eneawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, wɔ kilo eve nakpe ɖe agbo eveawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu,
15
eye wɔ kilo ɖeka nakpe ɖe agbovi wui eneawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋuti.
16
Emegbe mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe kpe ɖe numemevɔsa kple eŋu nuɖuɖuvɔsa kpakple nunonovɔsa si miewɔna gbe sia gbe la ŋuti.
17
“Le ŋkeke evea gbe la, miwu nyitsu wui eve, agbo eve kple agbovi wui ene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka la. Ɖeke meganye lã nuwɔe o.
18
Miwɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu le ɖoɖo la nu.
19
Emegbe mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe kpe ɖe numemevɔsa kple eŋu nuɖuɖuvɔsa kpakple nunonovɔsa siwo miewɔna gbe sia gbe la ŋuti.
20
“Le ŋkeke etɔ̃lia gbe la, miwu nyitsu wuiɖekɛ, agbo eve kple agbovi wui ene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka la. Ɖeke meganye lã nuwɔe o.
21
Miwɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa, ɖe agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu.
22
Emegbe mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe kpe ɖe numemevɔsa kple eŋu nuɖuɖuvɔsa kpakple nunonovɔsa siwo miewɔna gbe sia gbe la ŋuti.
23
“Le ŋkeke enea gbe la, miwu nyitsu ewo, agbo eve kple agbovi wui ene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka la. Ɖeke meganye lã nuwɔe o.
24
Miwɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu.
25
Emegbe mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe kpe ɖe numemevɔsa kple nuɖuɖuvɔsa kpakple nunonovɔsa siwo miewɔna gbe sia gbe la ŋuti.
26
“Le ŋkeke atɔ̃lia gbe la, miwu nyitsu asieke, agbo eve kple agbovi wui ene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka la. Ɖeke meganye lã nuwɔe o.
27
Miwɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu.
28
Emegbe mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe kpe ɖe numemevɔsa kple nuɖuɖuvɔsa kpakple nunonovɔsa siwo miewɔna gbe sia gbe la ŋuti.
29
“Le ŋkeke adelia gbe la, miwu nyitsu enyi, agbo eve kple agbovi wui ene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka la. Ɖeke meganye lã nuwɔe o.
30
Miwɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu
31
Emegbe mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe kpe ɖe numemevɔsa kple eŋu nuɖuɖuvɔsa kpakple nunonovɔsa siwo miewɔna gbe sia gbe la ŋuti.
32
“Le ŋkeke adrẽlia gbe la, miwu nyitsu adrẽ, agbo eve kple agbovi wui ene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka la. Ɖeke meganye lã nuwɔe o.
33
Miwɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu.
34
Emegbe mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe kpe ɖe numemevɔsa kple eŋu nuɖuɖuvɔsa kpakple nunonovɔsa siwo miewɔna gbe sia gbe la ŋuti.
35
“Ŋkeke enyilia gbe nye takpegbe na mi, eye ame aɖeke megawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o.
36
Mitsɔ nyitsu ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adrẽ siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, eye ɖeke menye lã nuwɔe o la, sa numemevɔ abe dzovɔsa ene, ne wòaʋẽ ɖem lílili.
37
Miwɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu.
38
Emegbe mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe kpe ɖe numemevɔsa kple eŋu nuɖuɖuvɔsa kpakple nunonovɔsa siwo miewɔna gbe sia gbe la ŋuti.
39
“Esiawoe nye ɖoɖo siwo ku ɖe numemevɔsa, nuɖuɖuvɔsa, nunonovɔsa kple ŋutifafavɔsa siwo miawɔ nam le miaƒe ŋkekenyuiwo ɖuɣi la ŋuti. Vɔsasa siawo kpe ɖe esiwo mieɖe adzɔgbe be yewoana alo esiwo miena le mia ɖokui si faa la ŋuti.”
40
Ale Mose gblɔ nya siwo katã Aƒetɔ gblɔ nɛ be negblɔ na Israelviwo la na wo pɛpɛpɛ.
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 30 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36