bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 27
Numbers 27
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 28 →
1
Maxla, Noa, Xogla, Milka kple Tirza nye Zelofxad vinyɔnuwo. Zelofxad nye Xefer vi, ame si nye Gilead vi, ame si nye Maxir vi, ame si nye Manase vi. Vinyɔnu siawo tso Manase, Yosef vi ƒe ƒome me va.
2
Wotsi tsitre ɖe Mose, nunɔla Eleazar, amegãwo kple ha blibo la ŋkume le godoƒegbadɔ la nu hegblɔ be:
3
“Mía tɔ́ ku le gbedadaƒo, eye viŋutsu aɖeke menɔ esi o. Eya menɔ Korax kple eyomedzela siwo dze aglã ɖe Aƒetɔ ŋu la dome o, ke boŋ eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ bubu si wòwɔ la tae wòku ɖo.
4
Ɖe wòle be mía tɔ́ ŋkɔ natsrɔ̃ le eƒe ƒome la me, esi viŋutsu menɔ esi o ta? Míedi be nàna anyigba mí ɖe mía tɔ́ nɔviwo dome.”
5
Mose tsɔ woƒe nya la yi Aƒetɔ gbɔe,
6
eye Aƒetɔ gblɔ nɛ be:
7
“Zelofxad vinyɔnuawo ƒe nyaa le me, eya ta na domenyinu wo ɖe wo tɔ́ nɔviwo dome. Na wo tɔ́ ƒe domenyinu la nage ɖe wo si me.
8
Azɔ gblɔ na Israelviwo be: ‘Ne ŋutsu aɖe ku, eye viŋutsu mele esi o la, eƒe domenyinu nayi ɖe via nyɔnu si me.
9
Ne vinyɔnu aɖeke mele esi o la, woatsɔ eƒe domenyinu na nɔvia ŋutsuwo.
10
Ne nɔviŋutsu aɖeke mele esi o la, wonetsɔ eƒe domenyinu na tɔ́a nɔviŋutsuwo.
11
Ke ne nɔviŋutsu aɖeke mele tɔ́a si o la, wonetsɔ eƒe domenyinu na eƒe ƒometɔ si tsɔ ɖe egbɔ le ƒomea me la, eye eya nanyi doa me. Esia nanye se kple ɖoɖo na Israelviwo abe ale si Aƒetɔ la gblɔe na wò ene.’ ”
12
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Yi Abarim-to dzi ne nàkpɔ anyigba si metsɔ na Israelviwo la ɖa.
13
Ne èkpɔe vɔ la wò hã àku abe nɔviwò Aron ene,
14
elabe mi ame evea miesẽ to, gbe nye nya dzi wɔwɔ le Zin-gbedadaƒo. Esime ha blibo la nɔ nyawo gblɔm ɖe ŋunye abe dzre wɔm wole ene la, miena ŋunye kɔ le tsi la gbɔ le wo ŋkume o.” Esia nye dzrewɔtsi la le Kades le Zin-gbedadaƒo.
15
Tete Mose gblɔ na Aƒetɔ be:
16
“Aƒetɔ, Mawu, gbɔgbɔe nènye, eye nèle amegbetɔwo katã me. Meɖe kuku, tia ame ɖo ha la nu.
17
Amea anye wo kplɔla si akplɔ wo ayi nugbe, eye wòagakplɔ wo agbɔe, ale be wò ha la naganɔ abe alẽ siwo nu kplɔla mele o la ene o.”
18
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Tsɔ Yosua, Nun vi, elabe gbɔgbɔ la le eme. Yɔe, eye nàda asi ɖe edzi.
19
Kplɔe wòava tsi tsitre ɖe nunɔla Eleazar kple ha blibo ŋkume, eye nàɖee fia le wo katã ŋkume be eyae anɔ ye teƒe.
20
Tsɔ ŋusẽ si le asiwò la ƒe ɖe nɛ be Israelviwo ƒe ha blibo la naɖo toe.
21
Eya anɔ tsitre ɖe nunɔla Eleazar gbɔ eye wòatsɔ Urim abia nu nɛ le Aƒetɔ ŋkume. Eƒe nya nue woado ayi afi aɖe, eye eƒe nya nu kee woagagbɔ ava ɖo; eya kple Israel-dukɔ si le egbɔ la, ameha blibo la.”
22
Mose wɔ abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ la ene pɛpɛpɛ. Ekplɔ Yosua vɛ, eye wòna wòtsi tsitre ɖe nunɔla Eleazar kple ha blibo la ŋkume.
23
Mose da eƒe asiwo ɖe edzi, eye abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ ene la, eɖe gbeƒã be eyae anye ye teƒenɔla.
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 28 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36