bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 9
Numbers 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 10 →
1
Aƒetɔ ƒo nu kple Mose le Sinai-gbedadaƒo le ƒè evelia ƒe ɣleti gbãtɔ me esime woʋu tso Egipte-nyigba dzi be,
2
“Mina Israelviwo naɖu Paska la ɖe eƒe ɣeyiɣi dzi.
3
Le ɣletia ƒe ŋkeke wui enelia ƒe fiẽ me la miaɖui ɖe ɣeyiɣia dzi ɖe ɖoɖo kple se siwo katã le eŋu la nu.”
4
Ale Mose gblɔ na Israelviwo be woaɖu Paska la,
5
eye le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wui enelia gbe ƒe fiẽ la, woɖu Paska la le Sinai-gbedadaƒo la. Wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose be woawɔe ene.
6
Ke ŋutsu aɖewo gblẽ kɔ ɖo elabe woka asi ame kuku ŋu ale be womete ŋu ɖu Paska la gbe ma gbe o. Wova Mose kple Aron gbɔ,
7
eye wogblɔ na wo be: “Míegblẽ kɔ ɖo elabe míeka asi ame kuku ŋu, ke nu ka tae womaɖe mɔ na mí míanɔ Israelvi bubuawo dome atsɔ vɔsanuwo vɛ na Aƒetɔ le ɣeyiɣi la dzi o?”
8
Mose ɖo eŋu na wo be: “Milala va se ɖe esime mase nu si Aƒetɔ adi be mawɔ la.”
9
Aƒetɔ gblɔ na Mose
10
be negblɔ na Israelviwo be: “Ne miawo ŋutɔ alo miaƒe dzidzimevi aɖe ka asi ame kuku ŋu, eye wògblẽ kɔ ɖo alo wòyi nugbe la, ekpɔ mɔ aɖu Paska la na Aƒetɔ.
11
Ke woawo ya naɖui le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wui enelia gbe ƒe fiẽ me, eye woatsɔ abolo maʋamaʋã aɖu ama vevee.
12
Womagblẽ nuɖuɖu aɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o, eye womagbã ƒu aɖeke hã o. Woawɔ ɖe ɖoɖo siwo katã le Paska la ɖuɖu ŋu la dzi pɛpɛpɛ.
13
Evɔ ne ame aɖe megblẽ kɔ ɖo o, eye meyi nugbe hã o, gake wògbe Paska la ɖuɖu la, ekema woaɖe amea ɖa le eƒe amewo dome elabe mesa vɔ na Aƒetɔ ɖe ɣeyiɣi dzi o; ewɔ nuvɔ̃, eye woahe to nɛ kokoko.
14
Ne amedzro aɖe le mia dome si di be yeaɖu Paskaa la ate ŋu aɖui, ke neɖui ɖe ɖoɖo kple se siwo le Paska ŋu la nu. Ɖoɖo ɖeka nanɔ eŋu na amedzrovi kple devi siaa.”
15
Gbe si gbe wotu godoƒegbadɔa la, alilikpo va tsyɔ edzi, eye wòdzena le fiẽ me abe dzo ene va se ɖe ŋdi.
16
Enɔ nenema ɣe sia ɣi: le ŋkeke me la, alilikpo nɔa teƒea dzi, eye le zã me la, edzena abe dzo ene.
17
Ne alilikpo la ho dzo le agbadɔa dzi la, Israelviwo hã hona nɔa yiyim eye afi si wògatrɔ va edzi le la, woƒua asaɖa anyi ɖe afi ma.
18
Aƒetɔ ye ɖea gbe na Israelviwo hafi wohona dzona, eye eya kee gaɖea gbe na wo hafi woƒua asaɖa anyi. Ne alilikpo la le agbadɔa tame la, asaɖa la hã nɔa afi ma.
19
Ne alilikpo la tsi agbadɔa tame ŋkeke geɖe hã la, Israelviwo kpɔa Aƒetɔ sinu, eye womehona dzona o.
20
Ɣe aɖewo ɣi la, alilikpo la tsia agbadɔa tame ŋkeke ʋɛ aɖewo ko. Ne wòva eme alea hã la, Aƒetɔ kokokoe ɖea gbe na wo wotsia afi ma loo, alo hona dzona.
21
Ɣe aɖewo ɣi hã la, alilikpo la tsia anyi tso fiẽ va se ɖe ŋdi ko, alo ŋkeke ɖeka kple zã, ke wohona dzona godoo ne alilikpo la nyaho ko.
22
Alilikpo la ɖe wòtsi anyi ŋkeke eve o, ɣleti ɖeka o, alo wu nenema o, Israelviwo hã tsia asaɖa la me, womehona o; ke ne eho ko la, woawo hã hona dzona.
23
Israelviwo kpɔa Aƒetɔ sinu godoo wòɖea gbe na wo to Mose dzi hafi woƒua asaɖa anyi loo, alo hona dzona.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36