bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 26
Numbers 26
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 27 →
1
Esi dɔ vɔ̃ la nu tso la, Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Eleazar, Aron vi be:
2
“Mixlẽ Israelvi siwo katã xɔ ƒe bla eve kple vɔ eye woate ŋu ade aʋa la le dukɔa me. Mixlẽ wo aƒekɔ, aƒekɔ.”
3
Mose kple Eleazar, nunɔla la, ƒo nu kple wo le Moab-gbegbe le Yordan nu le Yerixo gblɔ be:
4
“Mixlẽ dukɔa me tɔ siwo xɔ ƒe bla eve kple vɔ, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene. Israelvi siwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi la woe nye:
5
Ruben-to, Ruben ye nye Yakob ƒe ŋgɔgbevi: Eƒe aƒekɔwoe nye: Xanox, Palu,
6
Xezron kple Karmi.
7
Aƒekɔ siawo me tɔwo ƒe xexlẽmee nye ŋutsu akpe bla ene vɔ etɔ̃ alafa adrẽ bla etɔ̃.
8
Palu ƒe dzidzimeviwoe nye: Eliab,
9
Nemuel, Datan kple Abiram. Datan kple Abiram siawo nye Israel-dukɔ la ƒe adaŋudehamenɔlawo. Woawoe tsi tre ɖe Mose kple Aron ŋu, eye wonɔ Korax ƒe ame siwo dze aglã ɖe Aƒetɔ ŋu la dome.
10
Anyigba ke nu mi wo, eye woku kpe ɖe Korax kple eyomedzelawo ŋu, esime dzo fiã ŋutsu alafa eve bla atɔ̃ mawo. Nyadzɔdzɔ sia va zu nyagbename na dukɔ la.
11
Ke Korax viwo ya meku o.
12
Simeon-to ƒe aƒekɔwoe nye: Nemuel, Yamin, Yakin,
13
Sera kple Saul.
14
Aƒekɔ siawo me tɔwo ƒe xexlẽmee nye ŋutsu akpe bla eve vɔ eve alafa eve.
15
Gad-to ƒe aƒekɔwoe nye: Zifon, Xagi, Suni,
16
Osni, Eri,
17
Arod kple Areli.
18
Aƒekɔ siawo me tɔwo ƒe xexlẽmee nye ŋutsu akpe bla ene alafa atɔ̃.
19
Yuda viŋutsuwoe nye: Ger kple Onan, eye Ger kple Onan ku le Kanaan-nyigba dzi.
20
Yuda viŋutsuwo ɖe woƒe ƒomewo nue nye: Sela, ame si dzi Sela ƒome la; Perez, ame si dzi Perez ƒome la; Sera, ame si dzi Perez ƒome la; Sera, ame si dzi Sera ƒome la.
21
Perez viŋutsuwo nye: Xezron, ame si dzi Xezron ƒome la; Xamul, ame si dzi Xamul ƒome la.
22
Aƒekɔ siawo me tɔwo ƒe xexlẽmee nye ŋutsu akpe bla adrẽ vɔ ade alafa atɔ̃.
23
Isaxar-to ƒe aƒekɔwoe nye: Tola, Puva,
24
Yasub kple Simron.
25
Aƒekɔ siawo me tɔwo ƒe xexlẽmee nye ŋutsu akpe bla ade vɔ ene alafa etɔ̃.
26
Zebulon-to ƒe aƒekɔwoe nye: Sered, Elon kple Yaxleel.
27
Aƒekɔ siawo me tɔwo ƒe xexlẽmee nye ŋutsu akpe bla ade alafa atɔ̃.
28
Yosef viwoe nye: Manase kple Efrayim.
29
Manase-to ƒe aƒekɔwoe nye: Manase dzi Maxir, eye Maxir dzi Gilead. Aƒekɔ siwo gbɔna la nye Gilead ƒe dzidzimeviwo:
30
Yezer, Xelek,
31
Asriel, Sixem,
32
Semida, Xefer kple
33
Zelofxad. Eya medzi ŋutsuvi aɖeke o. Via nyɔnuwo ƒe ŋkɔwoe nye Maxla, Noa, Xogla, Milka kple Tirza.
34
Aƒekɔ siawo me tɔwo ƒe xexlẽmee nye ame akpe bla atɔ̃ vɔ eve alafa adrẽ.
35
Efrayim-to ƒe aƒekɔwoe nye: Sutelax, Bexer kple Taxan.
36
Eran ƒe aƒekɔ do tso Sutelax ƒe dzidzime me.
37
Efrayim ƒe dzidzimeviwo ƒe xexlẽmee nye ame akpe bla etɔ̃ vɔ eve alafa atɔ̃. Aƒekɔ siawo katã dzɔ tso Yosef viŋutsuwo me.
38
Benyamin-to ƒe aƒekɔwoe nye: Bela, Asbel, Axiram,
39
Sefufam kple Xufam.
40
Ard kple Naeman ƒe aƒekɔwo do tso Bela ƒe dzidzime me.
41
Aƒekɔ siawo me tɔwo ƒe xexlẽmee nye ŋutsu akpe bla ene vɔ atɔ̃ alafa ade.
42
Dan-to ƒe aƒekɔe nye: Suxam, eye
43
eƒe ŋutsuwo ƒe xexlẽmee nye akpe bla ade vɔ ene alafa ene.
44
Aser-to ƒe aƒekɔwoe nye: Yimna, Yisvi kple Beria.
45
Xeber kple Malkiel ƒe aƒekɔwo do tso Beria ƒe dzidzime me.
46
Vinyɔnu ɖeka nɔ Aser si si ŋkɔe nye Sarax.
47
Aƒekɔ siawo me tɔwo ƒe xexlẽmee nye ŋutsu akpe bla atɔ̃ vɔ etɔ̃ alafa ene.
48
Naftali-to ƒe aƒekɔwoe nye: Yaxzeel, Guni,
49
Yezer kple Silem.
50
Aƒekɔ siawo me tɔwo ƒe xexlẽmee nye ŋutsu akpe bla ene vɔ atɔ̃ alafa ene.
51
Israel-ŋutsu siwo woxlẽ la le ame akpe alafa ade kple ɖeka alafa adrẽ bla etɔ̃.
52
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
53
“Ma anyigba la na toawo ɖe woƒe amewo ƒe agbɔsɔsɔ nu.
54
To si sɔ gbɔ la ƒe domenyinu nalolo, eye nàtsɔ domenyinu sue na to si le sue la. To ɖe sia ɖe naxɔ domenyinu la ɖe eƒe xexlẽme nu.
55
Ke woadzidze nu hafi ama anyigba la, eye woaxɔ domenyinu la ɖe wo tɔ́wo ƒe toawo ŋkɔ nu.
56
Dzidze nu ɖe edzi hafi nàmae. Tsɔ lolotɔ na to si me tɔwo sɔ gbɔ wu, eye nàtsɔ suetɔ na to si me tɔwo mesɔ gbɔ o.”
57
Aƒekɔ siwo le Levi-to mee nye: Gerson, Kehat kple Merari.
58
Woƒe dzidzimeviwo ƒe aƒekɔwoe nye: Libni, Xebron, Maxeli, Musi kple Korax. Kehat vie nye Amram.
59
Eya ɖe Levi-nyɔnu si ŋkɔe nye Yoxebed, ame si wodzi le Egipte. Edzi ŋutsuvi eve kple nyɔnuvi ɖeka na Amram siwo ƒe ŋkɔwoe nye Aron kple Mose kpakple wo nɔvinyɔnu Miryam.
60
Viŋutsu ene nɔ Aron si, siwoe nye: Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar.
61
Ke Nadab kple Abihu ku, elabe wotsɔ dzo makɔmakɔ va Aƒetɔ gbɔe.
62
Levi-ŋutsuvi siwo xɔ dzinu ɖeka kple vɔ la ƒe xexlẽmee nye akpe bla eve vɔ etɔ̃. Woxlẽ woawo ya ɖe vovo tso Israelvi bubuawo gbɔ, elabe womena domenyinu aɖeke wo le Israel-dukɔ me o.
63
Mose kple Eleazar tia aƒekɔ siawo katã le Israel-toawo me xlẽ le Moab-gbegbe le Yordan godo le Yerixo kasa.
64
Ke Israelvi siwo Mose kple nunɔla Aron tia xlẽ zi gbãtɔ le Sinai-gbedadaƒo la dometɔ ɖeka hɔ̃ hã mele ame siwo woxlẽ zi evelia sia la dome o.
65
Elabe Aƒetɔ gblɔ le wo ŋu be: “Wo katã aku le gbedadaƒo la.” Ale wo dometɔ ɖeka pɛ hã mesusɔ o, negbe Kaleb, Yefune vi kple Yosua, Nun vi ko.
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 27 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36