bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 18
Numbers 18
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 19 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Aron be: “Mia kple viwòwo kpakple tɔ́wò ƒe aƒe lae axɔ tohehe le vodada si woawɔ ɖe kɔkɔeƒe la ŋu; eye mia kple viwò ŋutsuwoe axɔ tohehe ne miewɔ vodada le nunɔladɔ la me.
2
Ne wò kple viwò ŋutsuwo miele subɔsubɔdɔ wɔm le agbadɔ la ŋgɔ la, kplɔ Levi-to la me tɔwo, ame siwo nye nɔviwòwo la vɛ be woava kpe ɖe ŋuwò miawɔ subɔsubɔdɔ la.
3
Woawɔ dɔ siwo katã le ŋuwò kple esiwo ku ɖe agbadɔ la ŋu la ko. Womegate ɖe nu kɔkɔe siwo le kɔkɔeƒe la ŋu loo, alo ɖe vɔsamlekpui la ŋu o. Ne wote ɖe wo ŋu la, wò kple woawo siaa miaku.
4
Woawo ko nanɔ ŋuwò anɔ dɔ siwo katã ku ɖe agbadɔ la ŋu wɔm eye ame bubu aɖeke megate ɖe mia ŋu o.
5
Miawo koe awɔ subɔsubɔdɔ siwo ku ɖe kɔkɔeƒe la kple vɔsamlekpuia ŋu, ale be nyemagado dɔmedzoe ɖe Israelviwo ŋu azɔ o.
6
Nye ŋutɔe tia mia nɔvi Levi viwo tso Israelviwo dome tsɔ na wò. Mekɔ wo ŋu da ɖi be woawɔ subɔsubɔdɔ le nye agbadɔ la ŋu.
7
Ke wò kple viwò ŋutsuwo koe awɔ nunɔladɔ siwo katã ku ɖe vɔsamlekpui la ŋu kple esiwo le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la. Miaƒe dɔdeasie nye esia koŋ elabe nunɔladɔ la, nunana wònye na mi. Ne ame bubu aɖe te va nu kɔkɔeawo gbɔ la, wonewui.”
8
Aƒetɔ gblɔ na Aron be: “Kpɔ ɖa, metsɔ adzɔ siwo woɖena le Israelviwo ƒe nunana kɔkɔewo katã ŋu la na wò. Woanye wò ŋutɔ kple wò dzidzimeviwo ƒe gome, eye esia nanye ɖoɖo si anɔ anyi ɖaa.
9
Woƒe nunana kɔkɔetɔ siwo womatɔ dzoe o, eye woanye tɔwò lae nye: nuɖuɖuvɔsawo katã, nuvɔ̃vɔsawo katã kple fɔɖiɖivɔsawo katã. Nu kɔkɔe ɖe sia ɖe si wova nam la nye wò kple viwò ŋutsuwo tɔ.
10
Ele be miaɖu nu siawo le teƒe kɔkɔe, eye ŋutsuwo koe kpɔ mɔ aɖui. Nu kɔkɔe wònye na wò.
11
Hekpe ɖe esiawo ŋu la, nunana bubu siwo katã Israelviwo ana be woanyè la nye tɔwò. Enye wò ŋutɔ, viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo siaa ƒe gome. Ame sia ame si ŋu kɔ le kɔa nu le aƒewò me la kpɔ mɔ aɖui, eye esia nanye ɖoɖo si anɔ anyi ɖaa.
12
Mele ami, wain kple bli nyuitɔ siwo katã Israelviwo kpɔna tso woƒe dɔwɔwɔ me vana nam la tsɔm na wò.
13
Nuku gbãtɔ siwo aɖi le woƒe agble me, eye woatsɔ vɛ nam la nanye tɔwò.
14
Nu sia nu si Israelviwo tsɔ ɖe adzɔgbe be wòanye tɔnye tegbee la nanye tɔwò.
15
Nu sia nu si aʋu dɔ nu na nɔa, ame wòɖanye o, lã wòɖanye o, eye wotsɔe nam la nye tɔwò. Togbɔ be wòle alea hã, ele be nàtsɔ ga axɔ amewo ƒe ŋgɔgbeviwo kple lã makɔmakɔwo ƒe ŋgɔgbeviwoe.
16
Woaxɔ ɖevi siwo xɔ ɣleti ɖeka la kple klosaloga atɔ̃, le gagbagba si li la ƒe ɖoɖo nu. Gera bla eve nanye klosaloga ɖeka.
17
Ke mègatsɔ ga xɔ nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwoe o, elabe wo ŋu kɔ. Nàhlẽ woƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye nàtɔ dzo woƒe ami wòanye dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ lílilĩ dzea Aƒetɔ ŋu.
18
Gake woƒe lã ya tɔwòe, abe ale si akɔa kple ɖusita siwo nye teƒe tɔxɛwo la nye tɔwò ene.
19
“Metsɔ adzɔ siwo katã Israelviwo ɖena nam abe nunana kɔkɔe ene la na wò, viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo, eye esia nanye ɖoɖo si anɔ anyi ɖaa. Nubabla matrɔmatrɔ wònye mewɔ kple wò kple wò dzidzimeviwo tegbee.”
20
Aƒetɔ gblɔ na Aron be: “Naneke manye tɔwò si anye domenyinu le woƒe anyigba dzi o, eye anyigba aɖeke hã manye tɔwò gome le wo dome o. Nye Aƒetɔ e nye wò nu sia nu.”
21
Aƒetɔ gblɔ be: “Metsɔ nuwo katã ƒe akpa ewolia si Israelviwo ɖena nam la na Levi viwo be wòanye wo tɔ. Esia nye subɔsubɔdɔ si wɔm wole le nye agbadɔ ŋu la ƒe fetu.
22
Tso azɔ heyina la, Israelvi bubuwo megate ɖe nye agbadɔ la ŋu ne esia wɔwɔ nahe vɔ̃ ava wo dzi, eye woaku o.
23
Ke azɔ la, Levi viwo ko nawɔ subɔsubɔdɔ le nye agbadɔ la ŋu, eye ne vodada aɖe va la, enye woƒe nya. Esia nanye ɖoɖo si anɔ anyi ɖaa tso dzidzime yi dzidzime le mia dome. Domenyinu aɖeke manɔ Levi vi, siwo le Israelviwo dome la si o;
24
elabe metsɔ Israelviwo ƒe nuwo ƒe akpa ewolia si woɖena nam la na wo abe woƒe domenyinu ene. Esia tae megblɔ na wo be domenyinu bubu aɖeke manɔ wo si le Israelviwo dome o.”
25
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
26
“Gblɔ na Levi viwo be: Ne miexɔ nuwo ƒe akpa ewolia si mexɔ le Israelviwo si na mi, be wòanye miaƒe domenyinu le wo si la, miɖe akpa ewolia le eŋu na Aƒetɔ.
27
Woabu adzɔ tɔxɛ si miana la abe miawo ŋutɔe ɖe bli alo fiã wain va na ene.
28
Ale miaɖe adzɔ le nuwo katã ƒe akpa ewolia siwo miaxɔ le Israelviwo si la ŋu na Aƒetɔ. Mitsɔ Aƒetɔ ƒe adzɔ tɔxɛ la na nunɔla Aron.
29
Miɖe nu siwo katã woana mi la ƒe nyuitɔwo tsɔ na adzɔ Aƒetɔ abe nunana kɔkɔe ene.
30
Ne mieɖe nyuitɔwo le wo ŋu na adzɔe la, ekema woabu susɔea abe Levi viwo ŋutɔe xa nu le agble me alo fiã wain, eye woɖe nyuitɔ va na adzɔe ene.
31
Mia kple miaƒe ƒometɔwo miekpɔ mɔ aɖu susɔea le afi sia afi faa, elabe eyae nye subɔsubɔdɔ si wɔm miele le agbadɔa ŋu la ƒe fetu.
32
Ne mienyaɖe nyuitɔ le wo ŋu na adzɔe ko la, vɔ̃ aɖeke manɔ mia dzi o. Ke mikpɔ nyuie ne miagagblẽ kɔ ɖo na Israelviwo ƒe nunana kɔkɔewo hafi aɖe nyuitɔwo ana o. Ne miewɔe la, miaku.”
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36