bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 16
Numbers 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 17 →
1
Azɔ la, Korax, Yizhar vi, Kehat tɔgbuiyɔvi, ame si tso Levi-to la me, Abiram, Eliab viŋutsuwo kple On, Pelet vi ame siwo tso Ruben-to la me,
2
di ŋutsu aɖewo eye wodze aglã ɖe Mose ŋuti. Israelviwo dome ŋutsu alafa eve bla atɔ̃ siwo nye ame kplɔlawo le ameha la dome, eye wonya wo nyuie la, wotia wo kpe ɖe wo ŋu.
3
Wova ƒo ƒu ɖe Mose kple Aron ŋkume hegblɔ na wo be: “Mia tɔ va gbɔ eme! Ha blibo la le kɔkɔe, eye Aƒetɔ le wo dome hã. Nu ka ta miawo miedo mia ɖokui ɖe dzi gbɔ Aƒetɔ ƒe ha la ta?”
4
Esi Mose se nyaa la, etsyɔ mo anyi.
5
Emegbe egblɔ na Korax kple eyomedzelawo be: “Etsɔ ŋdi Aƒetɔ aɖe ame si nye etɔ la afia. Ana ame si wòtia wònye etɔ la ate ɖe eŋu.
6
Miwɔ esia: Korax kple etɔwo, mitsɔ dzudzɔdogbawo;
7
miɖe dzo kɔ ɖe wo me, eye miatsɔ lifi ada ɖe edzi le Aƒetɔ ŋkume etsɔ. Ame si Aƒetɔ atia la, eyae anye ame kɔkɔe la. Mia tɔ va glo, Levi viwo!”
8
Mose yi eƒe nuƒoa dzi gblɔ na Korax be: “Mi Levi viwo, miɖo to miase!
9
Esi Israel ƒe Mawu la tia mi tso Israel-ha la me, be miate ɖe eŋu, awɔ dɔ le eƒe agbadɔ la me, anɔ ha la nu, eye miasubɔ wo ɖe, mesɔ gbɔ na mi oa?
10
Gawu la, ena wò kple nɔviwò Levi viwo katã hã mietsɔ ɖe egbɔ. Nunɔladɔ hãe miagadia?
11
Ame kae nye Aron mianɔ eŋu lĩm? Eya ta Aƒetɔ ŋue wò kple yowòmedzelawo katã miedze aglã ɖo.”
12
Mose dɔ ame be woayɔ Datan kple Abiram vɛ, ke wogblɔ be: “Míegbɔna o.
13
Esi nèkplɔ mí tso anyigba vavã, si dzi nu bɔ ɖo la dzi, be yeava wu le gbedadaƒo le afii ɖe, mesɔ gbɔ na wò oa? Amegã hã ɖu ge nàla ɖe mía dzi!
14
Mèkplɔ mí de anyigba vavã si dzi nu bɔ ɖo la dzi ahayi agblewo kple waingblewo tsɔ ge na mí hã o! Èle mía blem. Míegbɔna afi aɖeke o.”
15
Tete Mose do dɔmedzoe vevie, eye wògblɔ na Aƒetɔ be: “Mègaxɔ woƒe vɔsa o. Nyemewɔ vɔ̃ ɖe wo dometɔ aɖeke ŋu o; nyemexɔ tedzi ɖeka gɔ̃ hã le wo dometɔ aɖeke si o.”
16
Mose gblɔ na Korax be: “Etsɔ la, wò kple tɔwòawo katã miva Aƒetɔ ŋkume. Aron hã le vava ge.
17
Na mia dome ame sia ame natsɔ eƒe dzudzɔdosonu, ada dzudzɔdonu ɖe eme eye woava Aƒetɔ ŋkume. Dzudzɔdosonu alafa eve bla atɔ̃ wòanye, ame sia ame kple etɔ. Wò kple Aron hã miatsɔ mia tɔwo vɛ.”
18
Ale ame sia ame tsɔ eƒe dzudzɔdosonu, ɖe dzo ɖe eme, eye wòtsɔ dzudzɔdonu da ɖe edzi heva tsi tsitre ɖe godoƒegbadɔ la ƒe mɔnu le Mose kple Aron gbɔ.
19
Korax ƒo ha blibo la nu ƒu, eye wotsi tsitre dze ŋgɔ Mose kple Aron le agbadɔ la ƒe mɔnu. Kasia Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe do ɖe ha blibo la ŋkume zi ɖeka,
20
eye Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be:
21
“Mite yi adzɔge le ha sia gbɔ! Matsrɔ̃ wo fifi laa!”
22
Ke Mose kple Aron tsyɔ mo anyi hegblɔ be: “Oo, Mawu, wò si nye gbɔgbɔ le amegbetɔwo katã me, ɖe ame ɖeka awɔ nuvɔ̃, eye nàdo dɔmedzoe ɖe ha blibo la ŋua?”
23
Tete Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
24
“Gblɔ na ha la be woahe yi megbe tso Korax, Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo gbɔ.”
25
Mose tso, Israel-me tsitsiwo kplɔe ɖo, eye wòyi Datan kple Abiram gbɔ.
26
Egblɔ na ha la be: “Mite yi adzɔge tso ame vɔ̃ɖi siawo ƒe agbadɔ gbɔ. Migaka asi woƒe naneke ŋu o, ne menye nenem o la, mi kpli wo siaa miatsrɔ̃ le woƒe nuvɔ̃wo ta.”
27
Ale wote yi adzɔge le Korax, Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo ŋu. Datan kple Abiram do go ɖe woƒe agbadɔwo nu, eye wo viwo kpe ɖe wo ŋu.
28
Mose gblɔ na ameawo be: “Miadze sii to nu sia wɔwɔ me be Aƒetɔ ye dɔm be mawɔ dɔ siawo katã, eye menye nye ŋutɔ ko tso wɔ wo o.
29
Ne ame siawo aku kpoo abe ale si ame kuna ene, alo woahe to na wo abe ale si wohea to na ame ɖe sia ɖe ko ene la, ekema menye Aƒetɔ ye dɔm o.
30
Ke ne Aƒetɔ awɔ nu masekpɔ aɖe ale be anyigba nake nu ami ame siawo kple woƒe nunɔamesiwo katã, eye woayi tsiẽƒe agbagbee la, ekema mianyae be woawoe do vlo Aƒetɔ.”
31
Kaka wòawu nya la nu la, anyigba wó le Datan kple Abiram te
32
hemi wo kple wo srɔ̃wo kpakple wo viwo, hekpe ɖe Korax kple eyomedzelawo kpakple woƒe nunɔamesiwo katã ŋu.
33
Ale woawo kple woƒe nunɔamesiwo katã yi tsiẽƒe agbagbee. Anyigba tu ɖe wo nu, eye wotsrɔ̃ gbidii le ha la dome.
34
Israelvi siwo katã ƒo xlã wo le afi ma la sí kple du, esi wose woƒe ɣlidodo. Wogblɔ be: “Netsɔ! Anyigba ava mi míawo hã!”
35
Tete Aƒetɔ na dzo va fiã ŋutsu alafa eve bla atɔ̃ siwo tsɔ dzudzɔdonu vɛ la.
36
Emegbe Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
37
“Gblɔ na Eleazar, nunɔla Aron vi la be nefɔ dzudzɔdosonuawo le teƒe si dzoa bi ameawo le la, eye wòakaka dzoka siwo le wo me la ɖe adzɔge, elabe sonuawo zu kɔkɔe.
38
Nu vɔ̃ wɔla mawo ƒe ku na be sonu siwo wotsɔ va Aƒetɔ ŋkume la ŋu va kɔ. Eya ta ƒo wo gbadzaa nàfa ɖe vɔsamlekpui la ŋu be wòanɔ afi ma anye ŋkuɖodzinu na Israelviwo.”
39
Ale nunɔla Eleazar fɔ akɔblidzudzɔdosonuawo, eye woƒo wo gbadzaa tsɔ fa ɖe vɔsamlekpui la ŋu.
40
Wowɔ esia be wòana Israelviwo nanɔ ŋku ɖom edzi be ame si menye nunɔla tso Aron ƒe dzidzime o la, nagate ɖe vɔsamlekpui la ŋu be yeatɔ dzo lifi na Aƒetɔ o. Ne ewɔe la, eya hã atsrɔ̃ abe Korax kple eyomedzelawo ene. Ale wowɔ nu siawo katã abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Eleazar to Mose dzi be woawɔ wo ene.
41
Esi ŋu ke la, Israelviwo ƒe ha blibo la lĩ liʋiliʋĩ le Mose kple Aron ŋu gblɔ be: “Miawoe wu Aƒetɔ ƒe ame aɖewo.”
42
Wokpe ta tsi tre ɖe Mose kple Aron ŋu, eye wotrɔ ɖo ta godoƒegbadɔ la gbɔ. Kasia woakpɔ la, alilikpo tsyɔ agbadɔ la dzi eye Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe do ɖe afi ma.
43
Tete Mose kple Aron do va agbadɔ la ŋgɔ,
44
eye Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
45
“Mite yi megbe le ha sia ŋu! Matsrɔ̃ wo fifi laa!” Wo ame eve la tsyɔ mo anyi,
46
eye Mose gblɔ na Aron be: “Tsɔ wò dzudzɔdosonu la nàɖe dzo ɖe eme le vɔsamlekpui la dzi, eye nàtsɔ lifi da ɖe edzi. Netsɔ! Wɔ kaba nàtsɔe yi ha la gbɔ ɖakɔ wo ŋuti alé avu. Aƒetɔ do dɔmedzoe, eye dɔ vɔ̃ de asi nugbegblẽ me xoxo.”
47
Ale Aron tsɔe, le Mose ƒe nya la nu, eye wòƒu du yi takpekpe la me. Esi wòkpɔ be dɔ vɔ̃ la de asi nugbegblẽ me xoxo la, etɔ dzo lifi la hetsɔ kɔ dukɔ la ŋuti, eye to esia me wòlé avu la.
48
Azɔ la, etsi tsitre ɖe ame kukuawo kple ame siwo tsi agbe la dome eye dɔ vɔ̃ la nu tso.
49
Ame siwo dɔ vɔ̃a wu la le ame akpe wui ene alafa adrẽ. Ame siwo ku le Korax ƒe aglãdzedzea me la mele eme o.
50
Esi dɔ vɔ̃ la nu tso la, Aron gatrɔ va Mose gbɔ le godoƒegbadɔ la nu.
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 17 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36