bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 19
Numbers 19
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 20 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be:
2
“Se si Aƒetɔ de lae nye esi: “Milé nyinɔ dzẽ si sɔ keŋ, nu mewɔ afi aɖeke nɛ o, eye womede kɔkuti kɔ nɛ wòwɔ dɔ kpɔ o la vɛ.
3
Mitsɔe na nunɔla Eleazar, ne wòana woakplɔe ayi asaɖa la godo, eye woawui le eŋkume.
4
Nunɔla Eleazar nede asi eƒe ʋu me hlẽ ɖo ɖe afi si nye agbadɔ la dze ŋgɔe lɔƒo zi adrẽ.
5
Azɔ woatɔ dzo nyinɔ blibo la; eƒe agbalẽ, lã, ʋu kple dɔmenuwo katã nafiã.
6
Nunɔla la natsɔ sederti ƒe akpa aɖe, hisɔp kple ka dzẽ aƒu gbe ɖe dzo si le nyinɔa fiãm la me.
7
Emegbe nunɔla la nanya eƒe awuwo eye wòale tsi. Ekpɔ mɔ azɔ atrɔ yi ɖe asaɖa la me; ke eŋu mekɔ o, le kɔa nu, va se ɖe fiẽ.
8
Ame si tɔ dzo nyinɔa hã nanya eƒe awuwo, eye wòale tsi; ke eya hã ŋu mekɔ o, le kɔa nu, va se ɖe fiẽ.
9
Azɔ ŋutsu si ŋu kɔ le kɔa nu la nalɔ nyinɔ la ƒe afi la atsɔ yi teƒe kɔkɔe aɖe le asaɖa la godo, eye wòadzrae ɖo ɖe afi ma na Israelviwo ƒe ha la. Dzofi sia ŋudɔe woawɔ ne wole ameŋukɔtsi wɔm be woasa vɔ atsɔ ɖe nuvɔ̃ ɖa.
10
Ame si lɔ nyinɔ ƒe afia nanya eƒe awuwo, eye eŋu mekɔ o, le kɔa nu, va se ɖe fiẽ. Esia nanye ɖoɖo si anɔ anyi ɖaa na Israelviwo kple amedzro siwo le wo gbɔ la.
11
“Ne ame aɖe ka asi ame kuku ŋu la, eŋu mekɔ o, le kɔa nu, va se ɖe esime ŋkeke adrẽ nava yi.
12
Atsɔ tsi la akɔ eɖokui ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple adrẽlia gbe, eye eŋuti akɔ. Evɔ ne mekɔ eɖokui ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple adrẽlia gbe o la, eŋu makɔ o.
13
Ne ame aɖe ka asi ame kuku ŋu, eye mekɔ eɖokui ŋu o la, ede busu eɖokui ŋu eye eŋu mekɔ o, elabe womewú ameŋukɔtsi ɖe eŋu o. Ame sia do gu Aƒetɔ ƒe nɔƒe la eya ta ele be woaɖee ɖa le Israelviwo dome.”
14
“Se bubue nye be ne ame ku le agbadɔ aɖe me la, ame si le agbadɔa me kplii hafi wòku kple ame si va ge ɖe agbadɔa me la siaa ŋu mekɔ o, le kɔa nu, va se ɖe esime ŋkeke adrẽ nava yi.
15
Nu sia nu si le nuvo, eye wometu nu ɖe enu o la hã ŋu mekɔ o.
16
Ame sia ame si yi gbe me, eye wòka asi ame si wowu kple yi ŋu, alo ame kuku aɖe ŋu, alo ameƒu ŋu alo yɔdo ŋu la ŋu mekɔ o, ŋkeke adrẽ.
17
Ne wole nu makɔmakɔ ŋu kɔm la, woakɔ nyinɔ dzẽ si wotɔ dzoe la ƒe afi ɖe ze me, eye woakɔ tɔsisi me tsi ɖe edzi.
18
Gbã la, ŋutsu si ŋu kɔ la natsɔ hisɔp ade tsi la me awu ɖe agbadɔ la, emenuwo katã kple ame siwo katã le afi ma la ŋu. Nenema ke woawui ɖe ame si ka asi ameƒu, ame si wowu, ame kuku alo yɔdo ŋu la hã ŋui.
19
Le ŋkeke etɔ̃a kple adrẽa gbe la, ame si ŋu kɔ le kɔa nu la nawu tsia ɖe ame si ŋu mekɔ o la ŋu. Emegbe ame la anya eƒe awuwo, eye wòale tsi ekema le fiẽ me la, eŋu kɔ.”
20
“Ke ame si ŋu mekɔ o, eye mekɔ eɖokui ŋu o la, de busu eɖokui ŋu eye eŋu mekɔ o elabe womewú ameŋukɔtsi la ɖe eŋu o. Ame sia do gu Aƒetɔ ƒe kɔkɔeƒe la eya ta ele be woaɖee ɖa le ha la me.
21
Esia nanye ɖoɖo si anɔ anyi ɖaa na mi. Ame si wú ameŋukɔtsia la nanya eƒe awuwo, eye ne ame aɖe ka asi ameŋukɔtsia ŋu la, eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.
22
Nenema ke nu sia nu si ŋu ame si ŋu mekɔ o la ka asii la ŋu mekɔ o, eye ne ame aɖe ka asi nu ma ŋu la, eya hã ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.”
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 20 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36