bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 7
Numbers 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 8 →
1
Gbe si gbe Mose tu godoƒegbadɔ la vɔ la, esi ami nɛ, eye wòkɔ eya kple eŋu nuwo katã ŋu. Esi ami na vɔsamlekpui la, eye wòkɔ eya hã kple eŋu nuwo katã ŋu.
2
Azɔ Israel kplɔla siwo nye tatɔwo le woƒe aƒekɔwo nu, eye wonye toawo ƒe amegãwo ame siwo kpɔ amexexlẽ si wowɔ dzi la,
3
tsɔ woƒe nunanawo vɛ na Aƒetɔ. Nunanaawoe nye: Tasiaɖam ade kple nyitsu wui eve. Wowɔe alea be kplɔla eve naxɔ tasiaɖam ɖeka, eye kplɔla ɖe sia ɖe naxɔ nyitsu ɖeka. Wona nuawo le agbadɔ la ŋgɔ.
4
Tete Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
5
“Xɔ nunanaawo le wo si hena godoƒegbadɔ la ŋudɔwo wɔwɔ. Ma wo na Levitɔwo ɖe ale si woƒe dɔwo le la nu.”
6
Ale Mose xɔ tasiaɖamawo kple nyitsuawo tsɔ na Levitɔwo.
7
Etsɔ tasiaɖam eve kple nyi ene na Gerson viwo le ale si woƒe dɔ le la nu,
8
eye wòtsɔ tasiaɖam ene kple nyitsu enyi na Merari viwo le ale si woƒe dɔ le la nu. Woƒe dɔdzikpɔlae nye Itamar, Aron viŋutsu.
9
Ke Mose metsɔ tasiaɖam alo nyitsu aɖeke na Kehat viwo ya o, elabe nu kɔkɔe siwo dzi kpɔm wole la, abɔtae woléa wo ɖo.
10
Gbe si gbe wonɔ ami sim na vɔsamlekpui la, kplɔlaawo dzɔ nu bene woatsɔ akɔ eŋui. Wotsɔ woƒe nunanaawo va vɔsamlekpui la ŋgɔ.
11
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Gblɔ na wo be gbe sia gbe la, kplɔla ɖeka ko natsɔ eƒe nunanawo vɛ be woatsɔ akɔ vɔsamlekpuia ŋui.”
12
Ame si na nu le ŋkeke gbãtɔ gbe lae nye Naheson, Aminadab vi, tso Yuda-to la me.
13
Nu siwo wòna la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi, le nudada ɖoɖo si le kɔkɔeƒe la nu; wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae;
14
sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, eye lifi yɔe banaa,
15
nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae;
16
gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae;
17
nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Naheson, Aminadab vi ƒe nunanawo.
18
Le ŋkeke evelia gbe la, kplɔla Netaneel, Zuar vi, tso Isaxar-to la me na nu.
19
Nu siwo wòna la woe nye: Klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi, le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu, wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ menee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae;
20
sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, eye lifi yɔe banaa;
21
nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae;
22
gbɔ̃tsu ɖeka woawɔ nuvɔ̃vɔsae;
23
nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Netaneel, Zuar vi, ƒe nunanawo.
24
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Eliab, Xelon vi, Zebulon viwo kplɔlae na nu.
25
Nu siwo wòna la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi, le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu; wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae,
26
sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, eye lifi yɔe banaa;
27
nyitsu ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae;
28
gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae;
29
nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Eliab, Xelon vi, ƒe nunanawo.
30
Le ŋkeke enea gbe la, Elizur, Sedeur vi, Ruben viwo kplɔlae na nu.
31
Nu siwo wòna la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi, le kɔkɔƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu; wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae;
32
sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, eye lifi yɔe banaa;
33
nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae;
34
gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae,
35
nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Elizur, Sedeur vi, ƒe nunanawo.
36
Le ŋkeke atɔ̃a gbe la, Selumiel, Zurisadai vi, Simeon viwo kplɔlae na nu.
37
Nu siwo wòna lae woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu, wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae;
38
sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, eye lifi yɔe banaa;
39
nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae;
40
gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae;
41
nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple alẽvi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Selumiel, Zurisadai vi, ƒe nunanawo.
42
Le ŋkeke adea gbe la, Elyasaf, Deguel vi, Gad viwo kplɔlae na nu.
43
Nu siwo wòna la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze si ƒe kpekpeme nye gram enyi le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu; wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae;
44
sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, eye lifi yɔe banaa;
45
nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae;
46
gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae;
47
nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Elyasaf, Deguel vi, ƒe nunanawo.
48
Le ŋkeke adrẽa gbe la, Elisama, Amihud vi, Efrayim viwo kplɔlae na nu.
49
Nu siwo wòna la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu, wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae;
50
sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si lifi yɔ banaa;
51
nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae;
52
gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae;
53
nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Elisama, Amihud vi, ƒe nunanawo.
54
Le ŋkeke enyia gbe la, Gamaliel, Pedazur vi, Manase viwo kplɔlae na nu.
55
Nu siwo wòna la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi, le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu, wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae;
56
sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si lifi yɔ banaa;
57
nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae;
58
gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae;
59
nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Gamaliel, Pedazur vi, ƒe nunanawo.
60
Le ŋkeke asiekea gbe la, Abidan, Gideoni vi, Benyamin viwo kplɔlae na nu.
61
Nu siwo wòna la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu, wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae;
62
sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si lifi yɔ banaa;
63
nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae;
64
gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae;
65
nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Abidan, Gideoni vi, ƒe nunanawo.
66
Le ŋkeke ewoa gbe la, Axiezer, Amisadai vi, Dan viwo kplɔlae na nu.
67
Nu siwo wòna la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi, le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu, wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae;
68
sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si lifi yɔ banaa;
69
nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae;
70
gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae;
71
nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Axiezer, Amisadai vi, ƒe nunanawo.
72
Le ŋkeke wuiɖekɛa gbe la, Pagiel, Oxran vi, Aser viwo kplɔlae na nu.
73
Nu siwo wòna la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi, le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu, wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae;
74
sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si lifi yɔ banaa;
75
nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae;
76
gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae;
77
nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Pagiel, Oxran vi, ƒe nunanawo.
78
Le ŋkeke wui evea gbe la, Axira, Enan vi, Naftali viwo kplɔlae na nu.
79
Nu siwo wòna la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã, klosaloze si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi, le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu, wo kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae;
80
sikanutɔgba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si lifi yɔ banaa;
81
nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numemevɔsae;
82
gbɔ̃tsu ɖeka ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae;
83
nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ ŋutifafavɔsae. Esiawo nye Axira, Enan vi, ƒe nunanawo.
84
Vɔsamlekpui la ŋu kɔkɔ ƒe nunana siwo Israel-kplɔlawo va na gbe si gbe wosi ami nɛ la woe nye: klosalogba wui eve, klosaloze wui eve kple sikunutɔgba wui eve.
85
Klosalogba ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nye kilo ɖeka kple afã. Zeawo dome ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nye gram bla adrẽ vɔ adrẽ, eye klosalonuawo katã ƒe ƒuƒoƒo kpe de kilo bla eve vɔ adrẽ kple afã, le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu.
86
Sikanutɔgba wui eve si lifi yɔ banaa ƒe kpekpeme nye gram wuiɖekɛ, le kɔkɔeƒe la ƒe nudada ɖoɖo la nu; sikanutɔgbawo katã ƒe kpekpeme le kilo ɖeka gram bla etɔ̃ vɔ eve.
87
Lã siwo katã wotsɔ va sa numemevɔe la wole nyitsu wui eve, agbo wui eve, alẽ wui eve siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, hekpe ɖe woƒe nuɖuɖuvɔsawo ŋu; gbɔ̃tsu wui eve woawɔ nuvɔ̃vɔsae.
88
Lã siwo katã wotsɔ va sa ŋutifafavɔe la wole nyi bla eve vɔ ene, agbo bla ade, gbɔ̃tsu bla ade kple alẽvi bla ade siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka. Esia nye vɔsamlekpui la ŋu kɔkɔ nunanawo esime wosi ami nɛ, vɔ megbe.
89
Ne Mose yi ɖe godoƒegbadɔ la me be yeaƒo nu kple Mawu la, esea gbe aɖe tso kerubi eveawo dome le nutsyɔnu si le nubablaɖakaa tame la dzi, eye wòƒoa nu kplii le afi ma.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36