bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 30
Numbers 30
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 31 →
1
Mose gblɔ na Israelviwo ƒe toawo ƒe tatɔwo be Aƒetɔ de se be:
2
“Ne ame aɖe ɖe adzɔgbe na Aƒetɔ alo ka atam tsri nane na eɖokui la, megada eƒe nya dzi o. Ele nɛ be wòawɔ nya siwo katã eya ŋutɔ ke nu gblɔ la dzi.
3
“Ne ɖetugbi aɖe gale tɔ́a ƒe dzikpɔkpɔ te le eƒeme, eye wòɖe adzɔgbe na Aƒetɔ alo ka atam tsri nane na eɖokui la,
4
ele be wòawɔ adzɔgbe si wòɖe alo atam si wòka la dzi, negbe ne tɔ́a se nya la, eye wògbe nɛ la ko.
5
Gake ne tɔ́a see, eye wògbe nɛ gbe ma gbe ke la, megawɔ adzɔgbe si wòɖe alo nu si wòka atam tsri la dzi o. Aƒetɔ atsɔe akee, le esi tɔ́a gbe nɛ ta.
6
Ne nyɔnu aɖe ɖe adzɔgbe alo nya ge le enu alo wòka atam tsri nu na eɖokui hafi ɖe srɔ̃,
7
eye gbe si gbe srɔ̃a se nyaa wòzi kpi kpɔe la, ekema newɔ eƒe adzɔgbe si wòɖe alo nu si wòka atam tsri la dzi.
8
Gake gbe si gbe srɔ̃a se nyaa hegbe nɛ ko la, ekema srɔ̃ae gblẽ eƒe adzɔgbeɖeɖe la kple atam si wòka tsri nu na eɖokui la me nɛ. Aƒetɔ atsɔe akee.
9
Ele be ahosi alo nyɔnu srɔ̃tɔ si wogbe la nawɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe kple nu si wòtsri na eɖokui la dzi.
10
Ne nyɔnu srɔ̃tɔ aɖe ɖe adzɔgbe alo ka atam hetsri nu na eɖokui,
11
eye srɔ̃a see gake zi kpi eye megbe nɛ o la, ele be wòawɔ adzɔgbe siwo katã wòɖe kple nu siwo wòtsri na eɖokui la dzi.
12
Ke ne gbe si gbe srɔ̃a se nyaa eye wògbe nɛ la, ekema magawɔ adzɔgbe si wòke nu ɖe la, alo nu si wòtsri la dzi o. Aƒetɔ atsɔe akee elabe srɔ̃ae xe mɔ nɛ be megawɔ wo dzi o.
13
Ne nyɔnu srɔ̃tɔ aɖe ɖe adzɔgbe alo ka atam tsri nu na eɖokui la, srɔ̃a kpɔ mɔ ana wòawɔ edzi loo, alo agblẽ eme nɛ.
14
Ke ne gbe si gbe srɔ̃a se nya la wòzi kpi, eye megblɔ nya aɖeke o la, ekema nyɔnua awɔ adzɔgbe siwo katã wòɖe alo nu si wòtsri na eɖokui la dzi. Srɔ̃a lɔ̃ ɖe edzi, elabe gbe si gbe wòsee la, megblɔ nya aɖeke o.
15
Gake ne srɔ̃ŋutsua se nyaa, zi kpi, eye emegbe hafi wòva gbe na nyɔnua be megawɔ edzi o la, vodada la zu ŋutsua tɔ, eye menye nyɔnua tɔ o.”
16
Esiawoe nye ɖoɖo siwo ku ɖe adzɔgbeɖeɖe ŋu na ɖetugbi si meɖe srɔ̃ haɖe o, eye wògale tɔ́a ƒeme ko kple nyɔnu si le atsuƒe la.
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 31 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36