bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 17
Numbers 17
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 18 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
“Gblɔ na Israelviwo be woƒe toawo ƒe tatɔwo natsɔ atizɔti wui eve vɛ na wò; to ɖeka atizɔti ɖeka. Ŋlɔ ame sia ame ŋkɔ ɖe eƒe atizɔtia ŋu,
3
eye nàŋlɔ Aron ŋkɔ ɖe Levi viwo tɔ ŋu. Atizɔti ɖeka nanye to ɖeka ƒe tatɔ tɔ.
4
Emegbe tsɔ wo da ɖe nye agbadɔ la me le nubablaɖaka la ŋgɔ, afi si medoa go mi le.
5
Ame si ke matia la ƒe atizɔti adzè. To esia me mana Israelviwo adzudzɔ liʋiliʋĩlilĩ le mia ŋu.”
6
Ale Mose gblɔ nya la na Israelviwo, eye woƒe tatɔwo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔ atizɔti ɖeka nɛ. Atizɔti wui evee wotsɔ vɛ; Aron tɔ hã le wo dome.
7
Mose lɔ atizɔtiawo katã va kɔ ɖe agbadɔ la me le nubablaɖaka la ŋgɔ.
8
Esi ŋu ke, eye Mose yi ɖe agbadɔa me la, ekpɔ be Aron ƒe atizɔti si nye Levi viwo tɔ la dzè. Edo loto, ƒo se, tse yevuzi, eye kutsetseawo ɖi.
9
Tete Mose fɔ atizɔtiawo katã tso Aƒetɔ gbɔ va Israelviwo katã gbɔe. Wokpɔ wo, eye to ɖe sia ɖe ƒe tatɔ tsɔ eya ŋutɔ tɔ.
10
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Gbugbɔ Aron ƒe atizɔti la ya yi ɖada ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ. Wonedzrae ɖo ɖe afi ma ne wòanye dzesi na Israelvi aglãdzelawo, woatsɔ anɔ ŋku ɖom edzi be, ne womedzudzɔ liʋiliʋĩlilĩ le ŋunye o la, woaku.”
11
Mose wɔ nu si Aƒetɔ gblɔ nɛ.
12
Israelviwo gblɔ na Mose be: “Kpɔ ɖa, míetsrɔ̃ vɔ! Evɔ na mí! Evɔ na mí katã!
13
Ne ame te ɖe Aƒetɔ ƒe agbadɔ ŋu ko wòazu nu kuku la, ekema míetsrɔ̃ vɔ keŋ ɖe!”
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36