bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 4
Numbers 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 5 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be:
2
“Mixlẽ Levi viwo le Kehat ƒomea me miaŋlɔ le woƒe ƒomewo kple woƒe aƒekɔwo nu.
3
Ame siwo miaxlẽ la naxɔ ƒe bla etɔ̃, eye woanye ame siwo dze awɔ dɔ le godoƒegbadɔ la me.
4
Kehat viwo ƒe dɔe wònye be woakpɔ nu kɔkɔe vevitɔwo dzi le godoƒegbadɔ la me.
5
Ne ameha la le hoho ge la, Aron kple via ŋutsuwo nayi ɖe agbadɔ la me, eye woaɖe xɔmetsovɔ la atsyɔ na nubablaɖaka la.
6
Woatsɔ gbɔ̃gbalẽ atsyɔ edzi, akeke blɔvɔ ɖe edzi, eye woade nukɔkpoawo eŋu.
7
Azɔ woakeke blɔvɔ ɖe vɔsabolokplɔ̃ la dzi, emegbe woafɔ agbaawo, lifigbaawo, treawo kple goe siwo me wokua nunonovɔsa ɖo kple abolo siwo ŋudɔ wowɔna gbe sia gbe la ada ɖe edzi.
8
Esia yome la, woatsɔ nyagãdzĩ atsyɔ nuawo dzi, atsɔ gbɔ̃gbalẽ abu edzi, eye woade nukɔkpoawo eŋu.
9
Emegbe woatsɔ blɔvɔ atsyɔ akaɖiti la kple eŋu kaɖiawo, ɖovulãnuawo, ganuviawo kple amigoe siwo kpe ɖe eŋu la.
10
Woabla nuawo ɖe gbɔ̃gbalẽ me, eye woatsɔe aɖo nukɔgbati dzi.
11
Azɔ la woakeke blɔvɔ ɖe sikavɔsamlekpui la dzi, atsɔ gbɔ̃gbalẽ abu edzi, eye woade nukɔkpoawo eŋu.
12
Emegbe woabla nu siwo katã ŋudɔ wowɔna le kɔkɔeƒe la ɖe blɔvɔ me, axatsa gbɔ̃gbalẽ la ɖe wo ŋu, eye woatsɔ wo aɖo nukɔgbati dzi.
13
Woalɔ dzowɔ le vɔsamlekpui la me, eye woakeke avɔ hẽtɔ ɖe edzi.
14
Eyome woafɔ eŋu nu siwo ŋudɔ wowɔna la ada ɖe edzi. Nuawoe nye: Dzowɔlɔnuawo, gafloawo, sofiawo, gagbaawo kple vɔsamlekpui la ŋu nuwo katã. Emegbe woatsɔ gbɔ̃gbalẽ abu wo dzi, eye woade nukɔkpoawo eŋu.
15
Ne ameha la le hoho ge, eye Aron kple via ŋutsuwo bla nu ɖe nu kɔkɔeawo kple wo ŋu nuawo katã ŋu vɔ la, eya ko hafi Kehat viwo nava tsɔ nuawo. Ne wokatsa ka nuawo ŋu do ŋgɔ la, woaku. Dɔdeasi siawoe Kehat viwo awɔ, ne godoƒegbadɔ la le hoho ge.”
16
“Eleazar, nunɔla Aron viŋutsu, akpɔ agbadɔ blibo la dzi. Eƒe dɔe nye be wòakpɔ ami si woade akaɖiawo me, dzudzɔ ʋeʋẽe donu, gbe sia gbe nuɖuɖuvɔsa, amisinanu la kple nu bubu siwo katã ŋuti wokɔ le eme kple eŋu la dzi.”
17
Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be:
18
“Migana Kehat viwo natsrɔ̃ avɔ le Levitɔwo dome o,
19
ke boŋ miwɔ nu si gbɔna la na wo ale be ne wote ɖe nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔeawo ŋu hã la, womaku o. Eyae nye: Aron kple via ŋutsuwo nage ɖe agbadɔa me, eye woafia dɔ si ame sia ame awɔ kple agba si wòatsɔ lae.
20
Ke womegage ɖe eme be yewoakpɔ nu kɔkɔeawo aɖabaƒoƒo ɖeka teti gɔ̃ hã o, elabe ne wokpɔe la, woaku.”
21
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
22
“Ŋlɔ Gerson viwo ƒe xexlẽme hã le woƒe aƒekɔwo kple woƒe ƒomeawo nu.
23
Tia ame siwo xɔ ƒe bla etɔ̃ va se ɖe bla atɔ̃, eye wodze na godoƒegbadɔ la ŋudɔwo wɔwɔ la nàxlẽ.
24
Woawoe anye nutsɔ siwo gbɔna la tsɔlawo:
25
Agbadɔ la, agbadɔ la ƒe kuntru emetɔ kple egodotɔ, gbɔ̃gbalẽ si wotsɔ tsyɔ edzi, mɔnutsovɔ,
26
kpɔ si ƒo xlã agbadɔ la kple vɔsamlekpui la godoo va kpe la ŋu vɔwo kple agbonuvɔ la, agbadɔ la ŋu kawo kple nu bubu siwo katã ŋudɔ wowɔna le agbadɔ la tutu me. Gerson viwoe awɔ dɔ siawo katã.
27
Enye Aron kple via ŋutsuawo ƒe dɔdeasi be woakpɔ egbɔ be Gerson viwo wɔ woƒe dɔ siawo katã pɛpɛpɛ; ame sia ame natsɔ agba si wodi tso esi be netsɔ la.
28
Gerson viwo ƒe ƒome la ƒe dɔdeasiwo nye esiawo le agbadɔ la ŋu eye Itamar, nunɔla Aron viŋutsu, nanye wo dzikpɔla.”
29
“Tia Merari viwo nàxlẽ le woƒe ƒomewo kple woƒe aƒekɔwo nu.
30
Xlẽ ame siwo katã xɔ ƒe bla etɔ̃ va se ɖe bla atɔ̃ eye wodze ate ŋu awɔ godoƒegbadɔ la ŋudɔwo.
31
Merari viwo ƒe dɔe nye be woatsɔ agbadɔ la ƒe ʋuƒoawo, gametiawo, sɔtiawo kple eƒe afɔawo.
32
Woawo kee atsɔ kpɔtiawo katã kple woƒe afɔawo, wo ŋu tsyotiawo, kaawo kple nu siwo katã ŋudɔ wowɔna le agbadɔa tutu me. Miafia ame sia ame ƒe agba si wòatsɔ lae ɖekaɖeka.
33
Merari viwo ƒe ƒome la ƒe dɔdeasiwo le agbadɔa ŋu lae nye esiawo, eye Itamar, nunɔla Aron viŋutsu la nanye wo dzikpɔla.”
34
Mose kple Aron kpakple ha la ƒe kplɔlawo tia Kehat viwo xlẽ le woƒe ƒomewo kple wo tɔ́wo ƒe aƒewo nu.
35
Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe bla etɔ̃ va se ɖe ƒe bla atɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le godoƒegbadɔa ŋu la.
36
Ame siwo wotia xlẽ le woƒe ƒomewo nu la le ame akpe eve alafa adrẽ bla atɔ̃.
37
Esia nye ame siwo katã Mose kple Aron tia le Kehat viwo ƒe ƒome la me la ƒe xexlẽme siwo ate ŋu wɔ dɔ le godoƒegbadɔ la ŋu abe ale si Aƒetɔ de se na Mose ene.
38
Wotia Gerson viwo xlẽ le woƒe ƒomewo kple wo tɔ́wo ƒe aƒewo nu.
39
Woxlẽ ame siwo katã xɔ ƒe bla etɔ̃ va se ɖe ƒe bla atɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le godoƒegbadɔa ŋu la.
40
Ame siwo wotia xlẽ le woƒe aƒewo nu la le ame akpe eve alafa ade bla etɔ̃.
41
Esia nye ame siwo katã Mose kple Aron tia le Gerson viwo ƒe ƒome la me la ƒe xexlẽme siwo ate ŋu awɔ dɔ le godoƒegbadɔ la ŋu abe ale si Aƒetɔ de se na Mose ene.
42
Wotia Merari viwo xlẽ le woƒe ƒomewo kple wo tɔ́wo ƒe aƒewo nu.
43
Woxlẽ ame siwo katã xɔ ƒe bla etɔ̃ va se ɖe ƒe bla atɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le godoƒegbadɔa ŋu la.
44
Ame siwo wotia xlẽ le woƒe aƒewo nu la le ame akpe etɔ̃ alafa eve.
45
Esia nye ame siwo Mose kple Aron tia le Merari viwo ƒe ƒome la me la ƒe xexlẽme abe ale si Aƒetɔ de se na Mose ene.
46
Levitɔ siwo katã Mose kple Aron kpakple Israel-kplɔlaawo tia le woƒe ƒomewo kple wo tɔ́wo ƒe aƒewo nu,
47
eye woxɔ ƒe bla etɔ̃ va se ɖe bla atɔ̃ be woasubɔ le godoƒegbadɔ la me, eye woatsɔ agba la,
48
ƒe xexlẽme le ame akpe enyi alafa atɔ̃ bla enyi.
49
Mose na wofia ame sia ame ƒe dɔ kple agba si wòatsɔ lae abe ale si Aƒetɔ de se ene, eye wotia wo xlẽ abe ale si Aƒetɔ de se to Mose dzi ene.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36