bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 11
Numbers 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 12 →
1
Dukɔ la gade asi liʋiliʋĩlilĩ me le Aƒetɔ ŋu be yewole fu kpem. Esi Aƒetɔ see la, edo dɔmedzoe, eye wòna dzo dze aƒe le wo dome, hebi nu le asaɖa la ƒe akpa aɖewo le eƒe gbɔto.
2
Tete dukɔ la do ɣli yɔ Mose. Edo gbe ɖa ɖe kuku na Aƒetɔ, eye dzoa tsi.
3
Ale wona ŋkɔ teƒe ma be: “Dzobiƒe ” elabe Aƒetɔ na dzo fiã nu le wo dome le afi ma.
4
Amedzro aɖewo hã nɔ zɔzɔm kple Israelviwo. Lã nɔ ame siawo dzrom vevie eye woawo kple Israelviwo siaa galĩ liʋiliʋĩ be: “Ne ɖe míakpɔ lã aɖu la, anyo ŋutɔ.
5
Esi míenɔ Egipte la, tɔmelã bɔ míeɖu wòti mí. Nenema kee nye adzamatre, aŋanyi, sabala vovovowo kple ayo hã.
6
Ke azɔ la, nyaa va glo! Naneke meli gbetɔ naɖu o, mana sia koe gbe sia gbe.”
7
Mana le abe atiku sue, ɣi, hẽe si le abe aŋuti ɖiɖi ƒe amadede ene.
8
Dukɔa doa go ɖafɔnɛ. Wotunɛ le te dzi alo tonɛ to me hetsɔnɛ ƒoa zemeboloe. Mana vivina abe abolo memee si wode amii ene.
9
Ne zãmu dza ɖe asaɖa la me le zã me la, mana la dzana kplii.
10
Mose se ale si ameawo katã ƒo ƒu ɖi kluikluiklui le tsitre ɖe woƒe agbadɔwo nu hele konyi fam. Exa nu elabe ekpɔ be Aƒetɔ do dɔmedzoe vevie ɖe wo ŋu.
11
Egblɔ na Aƒetɔ be: “Nu ka ta nèlé dukɔ blibo sia ƒe agba ɖo ta nam be matsɔ?
12
Nyee fɔ wo katã ƒe fu hedzia? Nu ka ta nèdi be matsɔ wo ɖe akɔ, abe ale si vitsɔla tsɔa vidzĩ ene, ayi anyigba si ŋu nèka atam le be yeatsɔ ana wo tɔgbuiwo la dzi?
13
Afi ka makpɔ lã atsoe wòade ame siawo katã nu? Wole avi dzi le ŋkunye me le gbɔgblɔm be: ‘Na lã mí míaɖu!’
14
Nye ɖeka nyemate ŋu atsɔ dukɔ blibo sia ƒe agba o. Ewu tsɔtsɔ nam.
15
Nenye alea nèbe yeawɔm la, ekem ve nunye nàwum zi ɖeka boŋ. Nyemanɔ anyi akpɔ nye gbɔɖiƒe o.”
16
Tete Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Ƒo Israel-me tsitsi bla adrẽ, siwo nènya be wonye ame tsitsiwo, eye wonye dzikpɔlawo la nu ƒu. Kplɔ wo va godoƒegbadɔ la gbɔ eye nàna woatsi tsitre ɖe afi ma le gbɔwò.
17
Maɖi ava ƒo nu kpli wò le afi ma, eye maɖe gbɔgbɔ si le dziwò la ƒe ɖe ada ɖe wo dzi, bene woatsɔ dukɔa ƒe agba la ƒe ɖe na wò ti, ale be wò ɖeka magatsɔe o.
18
Ke gblɔ na dukɔ la be: ‘Mikɔ mia ɖokui ŋu hena etsɔ si gbɔna; miakpɔ lã aɖu elabe esi miefa avi gblɔ be ame kae ana lã yewo yewoaɖu mahã, eye miegblɔ hã be agbenɔnɔ dze dzi na yewo le Egipte wu la, Aƒetɔ see. Eya ta azɔ la, Aƒetɔ ana lã mi miaɖu.
19
Menye ŋkeke ɖeka alo ŋkeke eve, ŋkeke atɔ̃ alo ewo alo ŋkeke bla eve koe miele eɖu ge o;
20
ke boŋ ɣleti ɖeka sɔŋ miaɖui va se ɖe esime woado to ŋɔti me na mi, anɔ ŋu nyɔm na mi. Elabe togbɔ be Aƒetɔ le mia dome hã la, miegbee, eye miefa avi be: ‘Nu ka ta gɔ̃ míedzo le Egipte ɖo?’ ”
21
Mose gblɔ na Aƒetɔ be: “Ame akpe alafa ade sɔŋ kplɔm mele. Ɖe nèle gbɔgblɔm be yeana lã wo, wòade wo katã nu ɣleti ɖeka sɔŋ mahã?
22
Alẽ alo nyi nenie woawu hafi wòade wo nu? Ɖe ƒumelãwo katã gɔ̃ hã ade wo nua?”
23
Aƒetɔ ɖo eŋu na Mose be: “Ɖe nèbu be nye ŋusẽ dzi ɖe kpɔtɔa? Ne nye nya la ava eme alo mava eme o hã la, èle ekpɔ ge.”
24
Ale Mose do yi ɖagblɔ Aƒetɔ ƒe nyawo na dukɔ la. Eƒo ame tsitsi bla adrẽ nu ƒu, eye wòna woƒo xlã agbadɔ la godoo va kpe.
25
Tete Aƒetɔ ɖi va le alilikpo me heƒo nu kplii. Eɖe gbɔgbɔ si wòna Mose la ƒe ɖe na ame tsitsi bla adrẽawo. Esi gbɔgbɔ la va wo dzi la, wode asi gbeƒãɖeɖe me abe gbeƒãɖelawo ene, ke womewɔe eteƒe didi o.
26
Ke ame tsitsi bla adrẽawo dometɔ eve tsi asaɖa la me. Wo ŋkɔwoe nye Eldad kple Medad. Woawo medo yi agbadɔ la gbɔ o. Gbɔgbɔ la va woawo hã dzi, eye wode asi gbeƒãɖeɖe ɖi me abe gbeƒãɖelawo ene.
27
Tete ɖekakpui aɖe ƒu du yi ɖagblɔ na Mose be: “Eldad kple Medad le gbeƒã ɖem abe Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ene.”
28
Yosua, Nun vi, ame si nye Mose ƒe kpeɖeŋutɔ tso ɖekakpuime ke la, gblɔ na Mose be: “Nye Aƒetɔ Mose, gbe na wo!”
29
Mose ɖo eŋu be: “Wòe le ŋu ʋã ge ɖe nunyea? Ne Aƒetɔ ɖe wòana eƒe gbɔgbɔ la nava dukɔmetɔwo dzi, eye wo katã atrɔ zu eƒe gbeƒãɖelawo la, anyo ta.”
30
Emegbe Mose kple ame tsitsi bla adrẽawo gbugbɔ yi asaɖa la me.
31
Tete Aƒetɔ na ya aɖe ƒo tso ƒu gome, eye wòlɔ tegliwo vɛ. Wodzo le ya me tso anyigba gbɔ kpuie abe meta ɖeka ko ene. Wodze ɖe anyigba ƒo xlã asaɖa la godoo va kpe le goawo katã me, va se ɖe esime wokɔ tso anyigba abe meta ɖeka ene, zɔzɔ aɖo wo gbɔ nye ŋkeke ɖeka ƒe azɔli.
32
Wofɔ wo gbe ma gbe ʋuu zã do, eye woganɔ wo fɔfɔ dzi zã blibo la hã va se ɖe esime ŋu ke, gake woganɔ wo fɔm ko. Esiwo ame sia ame fɔ la ƒe kpekpeme ade kilo akpe ɖeka teti, eye wosia wo ƒo xlã asaɖa la.
33
Womekpɔ ɖu lã la vɔ hafi Aƒetɔ do dziku ɖe wo ŋu, eye wòna dɔléle vɔ̃ɖi aɖe ɖo wo dome o.
34
Eya ta wona ŋkɔ teƒe la be: “Nudzrolawo ɖiƒe” elabe afi mae woɖi ame siwo lã dzro vevie la ɖo.
35
Emegbe dukɔ la ho tso afi ma va Xazerot, eye woƒu asaɖa anyi ɖe afi ma.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36