bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 21
Numbers 21
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 22 →
1
Esi Kanaantɔ, Arad-fia si le anyigbeme lɔƒo la se be Israelviwo to Atarim-mɔ gbɔna la, ewɔ aʋa kpli wo, eye wòɖe aboyo wo dometɔ aɖewo.
2
Tete Israelviwo ɖe adzɔgbe na Aƒetɔ be: “Ne àna míaɖu dukɔ sia dzi la, ekema míatsrɔ̃ woƒe duwo gbidigbidi.”
3
Aƒetɔ se woƒe gbedodoɖa, eye wòna woɖu Kanaantɔwo dzi. Ale wotsrɔ̃ wo kple woƒe duwo gbidigbidi, eye wona ŋkɔ teƒe ma be Xorma.
4
Esi woho tso Hor-to la gbɔ la, woɖo ta Aƒlaƒu la nu be woaɖe Edom-nyigba ɖe axadzi. Ke dukɔ la de dzi do ge le mɔa dzi do kpoe,
5
eye wogblɔ nyawo ɖe Mawu kple Mose ŋu. Wogblɔ be: “Nu ka ta miekplɔ mí tso Egipte va gbedadaƒo le afii be míava ku ɖi? Nuɖuɖu kple tsi aɖeke meli o. Gawu la, nuɖuɖu vlo sia le ŋu nyɔm na mí!”
6
Tete Aƒetɔ ɖo da vɔ̃ɖiwo ɖe wo dome siwo ɖu wo ale be ame geɖe ku le Israel.
7
Dukɔ la va Mose gbɔ va gblɔ nɛ be: “Míewɔ nuvɔ̃ be míegblɔ nya ɖe wò kple Aƒetɔ ŋu. Ɖe kuku na Aƒetɔ na mí ne wòana daawo nadzo le mía dome.” Ale Mose do gbe ɖa ɖe dukɔa ta.
8
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Wɔ da vɔ̃ɖi la ƒe dzedzeme, eye nàtsɔe ku ɖe ati ŋu, ale be ne da ɖu ame aɖe wòkpɔe ko wòatsi agbe.”
9
Ale Mose tsɔ akɔbli wɔ da heku ɖe ati ŋu, eye ne da ɖu ame aɖe wòkpɔ akɔblida la ko la, etsia agbe.
10
Israelviwo ho va ƒu asaɖa anyi ɖe Obot.
11
Esi woho tso afi ma la, wova ƒu asaɖa anyi ɖe gbedadaƒo le Yie-Abarim si le Moab ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.
12
Woho tso afi ma heva ƒu asaɖa anyi ɖe Zered-bali me.
13
Esi wotso le afi ma la, wova gbedadaƒo le Arnon-tɔsisi si dzɔ tso Amoritɔwo ƒe anyigba dzi la nu. Arnon-tɔsisi nye liƒo le Moabtɔwo kple Amoritɔwo dome.
14
Esia tae woŋlɔ ɖe “Aƒetɔ ƒe aʋawɔwɔwo ŋutinyagbalẽ” me be: “Waheb-du le Sufa-nutome kple Arnon-baliwo
15
kple tɔʋu la ƒe go si ɖo ta Ar-nutowo me, eye wòdo liƒo na Moab.”
16
Emegbe woho tso afi ma, eye wova vudo aɖe gbɔ. Vudo sia ŋue Aƒetɔ gblɔ na Mose le be: “Ƒo dukɔ la nu ƒu ne mana tsi wo.”
17
Ɣe ma ɣi la, Israelviwo dzi ha sia be: “Vudo, dzi! Midzi ha nɛ!
18
Vudo si fiaviwo ɖe. Vudo si bubumewo ɖe. Woƒe atikplɔ kple woƒe atizɔtiwoe wotsɔ ɖee.” Esi wotso le gbedadaƒo sia la, wova Matana.
19
Wotso le Matana va Naxaliel, eye tso Naxaliel wova Bamot.
20
Tso Bamot wova bali la me le Moab-nyigba dzi le Pisga-to si dze ŋgɔ gbedadaƒoa la gbɔ.
21
Tete Israelviwo dɔ amewo ɖe Sixon, Amori-fia gbɔ be wonegblɔ nɛ be:
22
“Na mato wò anyigba me ayi. Míadze ato agblewo alo wainbɔwo me o, eye míano vudo aɖeke me tsi hã o. Ke boŋ míato fia ƒe mɔ gã dzi ko tẽe va se ɖe esime míato wò anyigba me ayi.”
23
Ke Sixon gbe be yemaɖe mɔ na Israelviwo be woato yeƒe anyigba me ayi o. Eƒo eƒe dukɔ blibo la nu ƒu, eye woho tso gbedadaƒo le Yaza ɖakpe aʋa kple Israelviwo.
24
Israelviwo wu wo dometɔ geɖe le aʋa la me, eye woxɔ Sixon ƒe anyigba tso Arnon-tɔʋu la gbɔ va se ɖe Yabok nu heva ke ɖe Amon viwo ŋu, elabe Amon viwo nɔ woƒe liƒo ŋu dzɔm sesĩe.
25
Ale Israelviwo xɔ Amoritɔwo ƒe duwo katã. Woxɔ Xesbon kple eŋu duwo katã hã, eye wonɔ wo me.
26
Xesbon nye Amoritɔwo ƒe fia Sixon ƒe du gã. Sixon wɔ aʋa kple Moab-fia si nɔ anyi tsã, eye wòxɔ eƒe anyigba katã le esi va se ɖe Arnon nu.
27
Eya ta hɛnɔwo sia ahama gblɔna be: “Miva Xesbon. Mina woagbugbɔe atso. Mina woagbugbɔ Sixon ƒe du la atso, wòasesẽ.
28
Dzo do tso Xesbon. Dzo ƒe aɖe tso Sixon ƒe du la me, eye wòfiã Moabtɔwo ƒe Ar kple Arnon ŋu nɔlawo.
29
Baba na mi, Moabtɔwo! Evɔ na mi, mi Kemostɔwo! Mia mawu na via ŋutsuwo zu aʋasilawo, eye via nyɔnuwo zu Amori-fia, Sixon ƒe aboyomewo.
30
Ale woƒe dzidzimeviwo tsrɔ̃ tso Xesbon va se ɖe Dibon. Míetsrɔ̃ wo tso Nasim va do ɖe Nofa le Medeba gbɔ.”
31
Ale Israelviwo nɔ Amoritɔwo ƒe anyigba dzi,
32
eye Mose dɔ amewo be woayi aɖatsa ŋku le Yazer. Woxɔ eŋu duwo eye wonya Amoritɔ siwo le afi ma la ɖa.
33
Emegbe Israelviwo trɔ dze Basan-mɔ dzi. Tete Og, Basan-fia kple eƒe aʋakɔ ho va kpe wo le Edrei.
34
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Mègavɔ̃e o. Mana nàɖu eya ŋutɔ, dukɔa kple anyigba bliboa dzi. Nu si nètu kple Sixon, Amori-fia si nɔ Xesbon la, tui kple eya hã.”
35
Ale Israelviwo wu Og kple via ŋutsuwo kpakple eƒe dukɔmetɔwo katã; ame aɖeke metsi agbe ahayi sisi ge o, eye woxɔ woƒe anyigba la.
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 22 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36