bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 10
Numbers 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 11 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
“Tsɔ klosalo tu kpẽ eve. Woawoe nàku ayɔ ameha la aƒo ƒu, eye woawo kee nàgaku ana asaɖaawo naho adzo.
3
Ne woku kpẽ eveawo, eye wohe wo me la, ha blibo la nava ƒo ƒu ɖe gbɔwò le agbadɔ la nu.
4
Ke ne woku kpẽ ɖeka ko la, Israel-ha la ƒe kplɔlawo kple toawo ƒe tatɔwo nava ƒo ƒu ɖe gbɔwò.
5
Ne woku kpẽawo, eye wotso wo kpukpukpui la, asaɖa si le ɣedzeƒe gome la naho adzo.
6
Ne wogaku wo zi evelia eye wogatso wo kpukpukpui la, asaɖa si le anyigbeme gome la naho adzo. Ale woaku kpẽawo kpukpukpui ne èdi be ha la naho adzo,
7
ke woaku wo ahe wo me ne èdi be ha la nava kpe ta.
8
Kpẽawo kulawo nanye Aron viŋutsu siwo nye nunɔlawo. Mia viwo nawɔ ɖoɖo si gbɔna le kpẽawo ŋu la dzi tso dzidzime yi dzidzime.
9
Ne miekpe aʋa kple futɔ aɖe le miaƒe anyigba dzi la, miku kpẽawo kpukpukpui, eye nye Aƒetɔ, mia Mawu, maɖo ŋku mia dzi, aɖe mi tso miaƒe futɔwo si me.
10
Azɔ le miaƒe dzidzɔkpɔɣiwo, le kpɔɖeŋu me le ŋkekenyui ɖuɣiwo kple dzinu yeye ŋkekenyui ɖuɣiwo la, miku kpẽawo ne miele numemevɔ kple ŋutifafavɔ sam, eye wòana maɖo ŋku mia dzi. Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu.”
11
Le ƒè evelia ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke bla evelia gbe la, alilikpo la ho le agbadɔ si me nubabla le la tame,
12
eye Israelviwo ho ɖe wo nɔewo yome tso Sinai-gbedadaƒo la dzo. Alilikpo la zɔ va tɔ ɖe Paran-gbedadaƒo.
13
Zi gbãtɔ nye esi woho esi Aƒetɔ de se na wo to Mose dzi.
14
Yuda viwo ƒe asaɖa lae hona gbã kple woƒe aflaga hamehame. Wo kplɔlae nye Naheson, Aminadab vi.
15
Netaneel, Zuar vi, nye Isaxar-to ƒe aʋakɔkplɔla,
16
eye Eliab, Xelon vi le Zebulon-to ƒe aʋakɔ nu.
17
Azɔ la, wokakaa agbadɔa, eye Gerson viwo kple Merari viwo tsɔa nuawo, eye wohona dzona.
18
Eyome Ruben ƒe asaɖa la hona kple woƒe aflaga le ha vovovowo me eye woƒe aʋakɔ la kplɔlae nye Elizur, Sedeur vi.
19
Simeon-to ƒe aʋakɔkplɔlae nye Selumiel, Zurisadai vi,
20
eye Elyasaf, Deguel vi, le Gad-to ƒe aʋakɔ nu.
21
Emegbe Kehat viwo, siwo nye nu kɔkɔeawo tsɔlawo hona kple nuawo, eye kaka woawo naɖo afi si ameha nagaƒu asaɖa anyi le la, wotua agbadɔa ɖi xoxo.
22
Eyome Efrayim hona kple woƒe aflaga le ha vovovowo me, eye woƒe aʋakɔkplɔlae nye Elisama, Amihud vi.
23
Manase-to ƒe aʋakɔkplɔlae nye Gamaliel, Pedazur vi,
24
eye Abidan, Gideon vie le Benyamin-to ƒe aʋakɔ nu.
25
Dan-toe nye mamlɛtɔ si hona kple woƒe aflaga le hatsotso vovovowo me eye woawoe xea megbe na aʋakɔawo katã. Wo kplɔlae nye Axiezer, Amisadai vi.
26
Aser-to ƒe aʋakɔkplɔlae nye Pegiel, Oxran vi,
27
eye Axira, Enan vie nye Naftali-to ƒe aʋakɔkplɔla.
28
Nenye be Israelviwo le ʋuʋum be yewoadzo ayi ɖaƒu asaɖa anyi ɖe teƒe bubu la, alea wohonae.
29
Mose gblɔ na nyoa Hobab, Yetro, Midiantɔ la ƒe vi be: “Míeho yina ɖe teƒe si ŋugbe Aƒetɔ do be yeana mí la dzi. Edo ŋugbe na Israel be yeana nu nanyo nɛ, eya ta wò hã va míyi. Ne nu nyo na mí ko, enyo na wò hã.”
30
Hobab ɖo eŋu be: “Gbeɖe, nyemayi o. Magbugbɔ ayi aƒe boŋ.”
31
Mose gblɔ nɛ be: “Taflatsɛ, mègagblẽ mí ɖi nàdzo o. Ènya gbedadaƒo la, eye afi siwo míaƒu asaɖa anyi ɖo la le nyanya na wò, eya ta nɔ mía ŋu nàfia afɔɖoƒe mí.
32
Ne èyi kpli mí la, wò hã àkpɔ gome le nu nyui ɖe sia ɖe si Aƒetɔ ana mí la, me.”
33
Ale dukɔ la ho tso Aƒetɔ ƒe to la gbɔ, eye wozɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ. Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la dze wo ŋgɔ be wòatia teƒe si woaƒu asaɖa anyi ɖo la na wo.
34
Ne woho tso asaɖa aɖe me yina teƒe bubu la, Aƒetɔ ƒe alilikpo la nɔa wo tame le ŋkeke me.
35
Ne aɖaka la ho ɣe sia ɣi la, Mose gblɔna be: “Aƒetɔ, tso ɖe wò futɔwo ŋu! Na woaka ahlẽ! Na woasí!”
36
Ne aɖakaa tɔ la, egblɔna be: “O Aƒetɔ, gbugbɔ va Israelvi akpe ewo ƒe akpeawo dome!”
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36