bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 22
Numbers 22
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 23 →
1
Israelviwo ho, eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Moab-gbegbe le Yordan godo le Yerixo kasa.
2
Esi Moab-fia, Balak, Zipor vi, kpɔ nu si Israelviwo tu kple Amoritɔwo kple ale si wosɔ gbɔ fũu la,
3
vɔvɔ̃ ɖo eya ŋutɔ kple Moabtɔwo katã.
4
Moabtɔwo gblɔ na Midiantɔwo ƒe ame tsitsiwo be: “Ameha si ɖe to ɖe mí la le mí kple nu siwo katã ƒo xlã mí la tsrɔ̃ ge, abe ale si nyi ɖua gbe le gbeɖuƒe ene.” Ale Balak, Zipor vi, si nye Moab-fia le ɣe ma ɣi me la,
5
dɔ amewo ɖe Bileam, Beor vi, gbɔ be woayɔe vɛ. Le ɣeyiɣi sia me la, ele Petor le Frat-tɔsisi la nu le Ama ƒe anyigba dzi. Amedɔdɔawo gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, dukɔ aɖe ʋu tso Egipte va yina. Wosɔ gbɔ ŋutɔ, eye woxɔ míaƒe anyigba la katã vɔ. Woƒu asaɖa anyi dze ŋgɔm.
6
Wosɔ gbɔ wu mí, eya ta meɖe kuku, va ƒo fi de ame siawo nam elabe wosesẽ wum. Ɖewohĩ mate ŋu aɖu wo dzi, eye anyà wo ɖa le anyigba la dzi. Menya be ne èyra ame la, yayra nɔa edzi, eye ne èƒo fi de ame la, fiƒode nɔa edzi.”
7
Ale Moab kple Midian ame tsitsiwo xɔ afakaho la, eye wodze mɔ va Bileam gbɔ hegblɔ Balak ƒe nyaawo nɛ.
8
Bileam gblɔ na wo be: “Mitsi afii dɔ. Ne ŋu ke la, magblɔ nya si Aƒetɔ agblɔ nam la na mi.” Ale Moab-me tsitsiawo tsi Bileam gbɔ dɔ.
9
Mawu va Bileam gbɔ hebiae be: “Ŋutsu kawo nye esiawo le gbɔwò?”
10
Bileam ɖo eŋu nɛ be: “Balak, Moab-fiae dɔ wo ɖe gbɔnye. Wobe ebe
11
dukɔ aɖe ʋu tso Egipte va kaka ɖe yeƒe anyigba bliboa dzi, eya ta mava ƒo fi de wo na ye, ɖewohĩ yeate ŋu awɔ aʋa kpli wo, anyà wo ɖa.”
12
Mawu gblɔ na Bileam be: “Mègayi kpli wo o, eye mègaƒo fi de dukɔ la o, elabe meyrae xoxo.”
13
Le ŋdi me la, Bileam fɔ, eye wògblɔ na amedɔdɔawo be: “Migbugbɔ yi mia de. Aƒetɔ gbe be magayi kpli mi o.”
14
Ale wogbugbɔ yi Balak gbɔ ɖagblɔ nɛ be: “Bileam gbe be yemava kpli mí o.”
15
Ke Balak dɔ amegã bubu siwo sɔ gbɔ, eye bubu le wo ŋu wu gbãtɔwo la ɖa.
16
Woyi Bileam gbɔ eye wogblɔ Balak ƒe gbedeasia nɛ be: “Mègana naneke naxe mɔ na wò gbɔnye vava o.
17
Mele bubu de ge ŋuwò ale si mate ŋui, eye mawɔ nu sia nu si nègblɔ nam. Meɖe kuku, va ƒo fi de dukɔ sia nam!”
18
Ke Bileam ɖo eŋu be: “Ne klosalo kple sika ayɔ Balak ƒe aƒe taŋ wòatsɔ nam gɔ̃ hã la, nyemaxɔe o. Nyemawɔ nu bubu sue aɖeke gɔ̃ hã ahada Aƒetɔ, nye Mawu ƒe gbe dzi o.
19
Meɖe kuku, miawo hã mitsi afii dɔ. Ɖewohĩ Aƒetɔ agagblɔ nya aɖe nam.”
20
Le zã me la, Mawu va Bileam gbɔ hegblɔ nɛ be: “Nenye wò yɔ ge ŋutsu siawo va la, fɔ nàyi kpli wo; ke wɔ nu si magblɔ na wò be nàwɔ la ko.”
21
Le ŋdi me la, Bileam fɔ, bla akpa na eƒe tedzi, eye wòdze mɔ kple amedɔdɔ siwo tso Moab va la.
22
Ke Mawu do dɔmedzoe be eyina afi ma. Bileam nɔ eƒe tedzi dom, eye eƒe subɔla eve kpe ɖe eŋuti. Tete Aƒetɔ ƒe dɔla va tso mɔ me nɛ hetsi tsitre ɖe mɔa dzi.
23
Esi tedzia kpɔ mawudɔla la wòle tsitre ɖe mɔa dzi, lé yi ɖe asi la, edze le mɔa dzi to gbe me. Bileam ƒo tedzi la, eye wòtrɔe va mɔa dzi.
24
Emegbe mawudɔla la va tsi tsitre ɖe wainbɔwo ƒe kpɔdomeemɔ si ƒe akpawo kple eve nye gli la dzi.
25
Tedzia gakpɔ mawudɔla la, eye wòdze ɖe gli ŋu, hemimi Bileam ƒe afɔ ɖe glia ŋu. Bileam gaƒoe ake.
26
Mawudɔla la gayi ŋgɔ ɖatsi tsitre ɖe teƒe xaxɛ aɖe. Mɔ aɖeke mele afi sia be woadze ato ayi ŋgɔ o.
27
Esi tedzia gakpɔ mawudɔlaa la, etsyɔ akɔ anyi. Bileam do dɔmedzoe ɖe eŋuti, eye wòƒoe kple ati.
28
Tete Aƒetɔ na ŋusẽ tedzia be wòaƒo nu, eye wòbia Bileam be: “Nu ka mewɔ wò? Nu ka ta nèƒom zi etɔ̃ sɔŋ?”
29
Bileam ɖo eŋu be: “Esi nèdo tsukunɔm tae! Ne ɖe wònye yie le asinye la, ne mewu wò gɔ̃!”
30
Tedzi la gblɔ na Bileam be: “Menye nye koe nye wò tedzi si nèdo le wò agbe me ŋkekewo katã me va se ɖe egbe oa? Ɖe mewɔ nu sia tɔgbe ɖe ŋuwò kpɔa?” Eɖo eŋu be: “Gbeɖe!”
31
Tete Aƒetɔ na Bileam kpɔ mawudɔla la wòle tsitre ɖe mɔa dzi, lé yi ɖe asi. Ede ta agu, eye wòtsyɔ mo anyi.
32
Mawudɔla la gblɔ nɛ be: “Nu ka tae nèƒo wò tedzia zi etɔ̃ sɔŋ nenema? Nyee va xe mɔ na wò elabe nu si gbe yim nèle la medze ŋunye o.
33
Ke wò tedzi la kpɔm, eye wòdze ɖe aga zi etɔ̃ sɔŋ. Ɖe mewɔ nenema o la, ne mewu wò, eye eya atsi agbe.”
34
Bileam ɖo eŋu be: “Mewɔ nuvɔ̃. Nyemenya be wòe tsi tre ɖe ŋunye tso mɔ me nam o. Azɔ ne nye yiyi nye vɔ̃ le gbɔwò la, magbugbɔ ayi aƒeme.”
35
Mawudɔla la gblɔ nɛ be: “Yi kpli wo ko, ke gblɔ nya si magblɔ na wò la ɖeɖe ko.” Ale Bileam yi kple amedɔdɔawo.
36
Esi Balak se be Bileam gbɔna la, eyi ɖakpee le Ir, si nye Moab-du le keke liƒo dzi ke le Arnon-tɔʋu nu.
37
Balak biae be: “Nu ka ta medɔ ame ɖa be neyɔ wò vɛ, mèva kaba o? Ɖe nèbu be nyemate ŋu ade bubu ŋuwò oa?”
38
Bileam ɖo eŋu be: “Meva ɖe! Gake ɖe mate ŋu agblɔ nya aɖea? Nu si Mawu gblɔ nam be magblɔ la, eya ko make nu agblɔ.”
39
Ale Bileam zɔ kple Balak yi ɖe Kiryat-Xuzot.
40
Balak wu nyiwo kple alẽwo sa vɔe, eye wòɖo ɖe ɖe Bileam kple amegã siwo le egbɔ la.
41
Esi ŋu ke la, Balak kplɔ Bileam yi Bamot-Baal, afi si wòte ŋu kpɔ Israelviwo ƒe akpa si tsɔ ɖe wo gbɔ la le nyuie.
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 23 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36