bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Numbers 2
Numbers 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 3 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be:
2
“Ne Israelviwo ƒu asaɖa anyi la, to sia to nanɔ aflaga si nye wo tɔ́wo ƒe to ƒe dzesi la gbɔ, eye woaƒo xlã adze ŋgɔ godoƒegbadɔ la godoo.
3
Yuda-to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ hamehame le ɣedzeƒe gome. Yuda viwo ƒe amegã nye Naheson, Aminadab vi,
4
ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla adrẽ vɔ ene alafa ade.
5
Isaxar-to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Isaxar viwo ƒe amegã nye Netaneel, Zuar vi,
6
ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla atɔ̃ vɔ ene alafa ene.
7
Zebulon-to la naƒu asaɖa anyi ate ɖe wo ŋu. Zebulon viwo ƒe kplɔla nye Eliab, Xelon vi,
8
ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla atɔ̃ vɔ adrẽ alafa ene.
9
Aʋawɔla siwo katã le Yuda ƒe asaɖa me hamehame la le ame akpe alafa ɖeka bla enyi vɔ ade alafa ene. Woawo naho gbã.
10
“Ruben-to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ hamehame le anyigbeme. Ruben viwo ƒe amegã nye Elizur, Sedeur vi,
11
ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla ene vɔ ade alafa atɔ̃.
12
Simeon-to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Simeon viwo ƒe kplɔla nye Selumiel, Zurisadai vi,
13
ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla atɔ̃ vɔ asieke alafa etɔ̃.
14
Gad-to la nakpe ɖe wo ŋu. Gad viwo ƒe kplɔla nye Elyasaf, Reguel vi,
15
ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla ene vɔ atɔ̃ alafa ade bla atɔ̃.
16
Aʋawɔla siwo katã le Ruben ƒe asaɖa me hamehame la le ame akpe alafa ɖeka bla atɔ̃ vɔ ɖekɛ alafa ene bla atɔ̃. Woawo nanye evelia aho.
17
“Azɔ la, Levi viwo natsɔ godoƒegbadɔ la anɔ hatsotso gbãtɔ eveawo kple mlɔetɔ eveawo titina. Hatsotso ɖe sia ɖe naho le ɖoɖo sinu woƒu asaɖa anyi ɖo me, eye ame sia ame nanɔ eteƒe le eƒe aflaga gbɔ.
18
“Efrayim-to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ hamehame le ɣetoɖoƒe gome. Efrayim viwo ƒe kplɔla nye Elisama, Amihud vi,
19
ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla ene alafa atɔ̃.
20
Manase-to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Manase viwo ƒe kplɔla nye Gamaliel, Pedazur vi,
21
ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla etɔ̃ vɔ eve alafa eve.
22
Benyamin-to la nakpe ɖe wo ŋu. Benyamin viwo ƒe kplɔla nye Abidan, Gideoni vi,
23
ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla etɔ̃ vɔ atɔ̃ alafa ene.
24
Aʋawɔla siwo katã le Efrayim ƒe asaɖa me hamehame la, le ame akpe alafa ɖeka kple enyi alafa ɖeka. Woawo nanye ha etɔ̃lia aho.
25
“Dan-to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ hamehame le dzigbeme gome. Dan viwo ƒe kplɔla nye Axiezer, Amisadai vi,
26
ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla ade vɔ eve alafa adrẽ.
27
Aser-to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Aser viwo ƒe kplɔla nye Pagiel, Oxran vi,
28
ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla ene vɔ ɖekɛ alafa atɔ̃.
29
Naftali-to la nakpe ɖe wo ŋu. Naftali viwo ƒe kplɔla nye Axira, Enan vi,
30
ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla atɔ̃ vɔ etɔ̃ alafa ene.
31
Aʋawɔla siwo katã le Dan ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka bla atɔ̃ vɔ adrẽ alafa ade. Woawo nanye ha mamlɛtɔ aho le woƒe aflagawo nu.”
32
Ame siwo katã woxlẽ le asaɖaawo me le Israelviwo dome, hatsotso hatsotso la, ƒe xexlẽme nye akpe alafa ade kple etɔ̃ alafa atɔ̃ bla atɔ̃.
33
Ke womexlẽ Levi viwo ya ɖe eme o, elabe Aƒetɔ gblɔ be womegaxlẽ wo o.
34
Ale Israelviwo wɔ nu sia nu pɛpɛpɛ abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene. Woƒu asaɖa anyi eye ame sia ame le eya ŋutɔ ƒe aflaga gbɔ. Ne woho la, wohona le ɖoɖo la nu, eye ame sia ame kple eƒe ƒome zɔna le woƒe aƒekɔwo nu.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36