bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 1
Genesis 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 2 →
1
Le gɔmedzedzea me, Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.
2
Anyigba nɔ nyama, nɔnɔme menɔe nɛ o; edzi ɖi gbɔlo, eye viviti do ɖe aʋli gã la dzi. Mawu ƒe gbɔgbɔ nɔ agba sam le tsi gbana la dzi.
3
Mawu gblɔ be: “Kekeli nedo!”, eye kekeli do.
4
Mawu kpɔ be kekelia nyo, eye wòma kekeli kple viviti la dome.
5
Mawu yɔ kekelia be Ŋkeke, eye wòyɔ viviti la be Zã. Zã do, eye ŋu ke; eyae nye ŋkeke gbãtɔ.
6
Mawu gblɔ be: “Dziŋgɔli nedo ɖe tsia titina ne wòama tsia me, atso wo dome, eye wòva eme.”
7
Mawu wɔ dziŋgɔli la, eye wòma tsi si le dziŋgɔlia kple esi le etame la dome.
8
Mawu yɔ dziŋgɔlia be Dziƒo. Zã do, eye ŋu ke; eyae nye ŋkeke evelia.
9
Mawu gblɔ be: “Tsi si le dziƒoa te la neƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka ale be ƒuƒuiƒe nadze!” Esia va eme.
10
Mawu yɔ ƒuƒuiƒe la be Anyigba, ke tsi si ƒo ƒu la, eyɔe be Atsiaƒu. Mawu kpɔ be enyo.
11
Mawu gblɔ be: “Anyigba nemie nu miemie vovovowo: gbe siwo tsea ku kple ati tseku hamehame siwo ƒe kuwo nɔa tsetsea me la, ɖe sia ɖe kple etɔ le anyigba dzi”, eye wòva eme nenema.
12
Anyigba mie gbe fɛ̃wo: nu miemie siwo doa ku vovovowo tɔgbe kple ati siwo ƒe tsetsea me ku le wotɔxɛwotɔxɛe, eye Mawu kpɔ be enyo.
13
Ale zã do, eye ŋu ke; eyae nye ŋkeke etɔ̃lia.
14
Azɔ Mawu gblɔ be: “Nu keklẽwo nedo ɖe dziŋgɔlia ŋu le dziƒo ne woade vovototo ŋkeke kple zã dome. Woanye dzesiwo, eye woafia ɣeyiɣiwo, ŋkekewo kple ƒwo.
15
Woanye nu keklẽwo le dziŋgɔlia ŋu be woana kekeli anyigba. Esia va eme.
16
Ale Mawu wɔ nu keklẽ gã eve. Ewɔ lolotɔ be eya naɖu ŋkeke dzi, eye wòwɔ suetɔ be wòaɖu zã dzi. Ewɔ ɣletiviwo hã.
17
Mawu tsɔ wo ɖo dziŋgɔlia ŋu be woaklẽ ɖe anyigba dzi;
18
woaɖu ŋkeke kple zã dzi, eye woama kekeli kple viviti dome. Mawu kpɔ be enyo.
19
Zã do, eye ŋu ke; eyae nye ŋkeke enelia.
20
Azɔ Mawu gblɔ be: “Tsia nedzi nu gbagbewo fũu, eye xewo nedzo le anyigba ƒe ya me to dziŋgɔli la ŋkume.
21
Ale Mawu wɔ ƒumelã dziŋɔ lolowo kple nu gbagbe siwo katã tana, eye woʋãna le tsi me hamehame kpakple xe dzodzoewo katã. Mawu kpɔ be esia nyo.
22
Tete Mawu yra wo gblɔ be: “Ƒumelãwo nedzi, wonesɔ gbɔ, woneyɔ atsiaƒu la. Xewo nedzi asɔ gbɔ ɖe anyigba dzi!”
23
Zã do, eye ŋu ke; eyae nye ŋkeke atɔ̃lia.
24
Azɔ Mawu gblɔ be: “Lãwo nedo hamehame tso anyigba me: aƒemelãwo, nu tatawo kple gbemelãwo.”
25
Ale Mawu wɔ gbemelãwo, aƒemelãwo kple lã siwo katã tana le anyigba wotɔxɛwotɔxɛe. Mawu kpɔ be enyo.
26
Emegbe Mawu gblɔ be: “Mina ne míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme, eye wòaɖi mí, ne wòaɖu ƒumelãwo, xe dzodzoewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo kpakple lã siwo katã tana le anyigba la dzi.”
27
Ale Mawu wɔ ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme. Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo. Ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.
28
Mawu yra wo. Egblɔ na wo be: “Midzi ne miasɔ gbɔ ayɔ anyigba la dzi, eye miakpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Miɖu ƒumelãwo kple xe dzodzoewo kpakple lã siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi.”
29
Mawu yi edzi gblɔ be: “Kpɔ ɖa, metsɔ nu miemie siwo doa ku le anyigba blibo la dzi kple ati siwo katã tsea ku la na mi, ne woanye miaƒe nuɖuɖu.
30
Ke gbewo kple amagbewo katã nanye nuɖuɖu na anyigba dzi lãwo, xe dzodzoewo kple nu gbagbe siwo katã tana le anyigba la.” Ale wòva eme nenema.
31
Tete Mawu kpɔ nu siwo katã wòwɔ la, eye wòkpɔ be wonyo ŋutɔ. Zã do, eye ŋu ke; eyae nye ŋkeke adelia.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50