bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 4
Genesis 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 5 →
1
Azɔ la, Adam dɔ kple srɔ̃a Xawa, eye wòfɔ fu dzi Kain. Xawa gblɔ be: “Aƒetɔ ɖi nam be medzi ŋutsu.”
2
Emegbe edzi Abel, nɔvia ŋutsu. Abel va zu lãnyila, eye Kain ya zu agbledela.
3
Gbe ɖeka la, Kain tsɔ nuku si wòŋe tso eƒe agble me la ƒe ɖe va sa vɔe na Aƒetɔ.
4
Abel hã tsɔ eƒe lãwo ƒe ŋgɔgbevi siwo da ami la va sa vɔe na Aƒetɔ. Aƒetɔ kpɔ ŋudzedze le Abel kple eƒe nunana la ŋu,
5
ke Kain kple eƒe nunanaa ya medze eŋu o. Ale Kain bi dzi ŋutɔ, eye wòɖo adã.
6
Tete Aƒetɔ gblɔ na Kain be: “Nu ka ta nèbi dzi, heɖo adã nenema?
7
Ne èwɔ nyui la, ɖe womakpɔ ŋudzedze le ŋuwò oa? Evɔ ne mèwɔ nyui o la, nuvɔ̃ de xa ɖe wò ʋɔtru nu. Edi be yeaɖu dziwò, ke wò la, ele be nàɖu edzi.”
8
Ke Kain gblɔ na nɔvia Abel be: “Va míyi agble.” Esi woyi la, Kain trɔ ɖe nɔvia ŋu, eye wòwui.
9
Aƒetɔ bia Kain be: “Nɔviwò Abel ɖe?” Eɖo eŋu be: “Nyemenya o. Nɔvinye dzikpɔla menyea?”
10
Tete Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu le ɣli dom le anyigba dzi le yɔyem.
11
Ke azɔ la, woƒo fi de wò wu anyigba si ke nu, no nɔviwò ƒe ʋu si nèkɔ ɖe edzi la.
12
Ne ède agble ɖe anyigba dzi la, magawɔ nu na wò nyuie o. Tsatsala kple sitsoƒedila ko nye ge nàla le anyigba dzi.”
13
Kain gblɔ na Aƒetɔ be: “Nye tohehe la wu tsɔtsɔ nam.
14
Kpɔ ɖa, ènyàm ɖa tso agbledenyigba dzi egbe, eye wòle nam be mabu ɖa le ŋkuta na wò. Mazu sisíla kple tsatsala le anyigba dzi, eye ame sia ame si do gom ko la, awum.”
15
Ke Aƒetɔ ɖo eŋu nɛ be: “Mele nenema o. Ame sia ame si wu Kain la, woabia hlɔ̃e zigbɔzi adrẽ.” Ale Aƒetɔ de dzesi tɔxɛ Kain ŋu be, ne ame aɖe kpɔe la, mawui o.
16
Kain dzo le Aƒetɔ ŋkume, eye wòyi ɖanɔ Nod-nyigba dzi le Eden ƒe ɣedzeƒe.
17
Esia megbe Kain dɔ kple srɔ̃a, eye wòfɔ fu dzi Henox. Etso du, eye wòtsɔ via ƒe ŋkɔ, Henox, na dua hã.
18
Henox dzi viŋutsu si ŋkɔe nye Irad. Eya dzi Mehuyael. Mehuyael dzi Metusael, eye Metusael dzi Lamex.
19
Lamex ɖe srɔ̃ eve; gbãtɔ ŋkɔe nye Ada, eye evelia ŋkɔe nye Zila.
20
Ada dzi Yabal, ame si nye avɔgbadɔmenɔla siwo nye lãnyilawo la ƒe tɔgbuitɔgbui.
21
Nɔvia ŋkɔe nye Yubal, ame si nye kasaŋkuƒola kple dzekulawo ƒe tɔgbuitɔgbui.
22
Lamex srɔ̃ evelia, Zila, dzi Tubalkain, si tsɔa akɔbli kple ga yibɔ tua nu vovovowoe. Tubalkain nɔvinyɔnu ŋkɔe nye Naama.
23
Lamex gblɔ na srɔ̃awo be: “Ada kple Zila, mise ɖa, mi Lamex srɔ̃wo, miɖo to miase nya si gblɔ ge mele. Mewu ŋutsu aɖe elabe ede abi ŋunye. Mewu ɖekakpui aɖe elabe eƒom.
24
Ne wobia hlɔ̃ Kain wula, zigbɔzi adrẽ la, le nyateƒe me la, woabia hlɔ̃ Lamex zi bla adrẽ vɔ adrẽ.”
25
Adam gadɔ kple srɔ̃a, eye wòdzi viŋutsu. Srɔ̃a gblɔ be: “Mawu na medzi vi bubu ɖe Abel, ame si Kain wu la, teƒe.” Ale wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Set.
26
Wodzi viŋutsu na Set hã, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Enos. Ɣe ma ɣi mee amewo dze gbedodoɖa gɔme na Aƒetɔ.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50